Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Yohanes 1:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 amesiwo va ɖi ɖase le wò lɔlɔ̃ ŋuti le hame la ƒe ŋku me, eye ne èɖo wo ɖa alesi dze Mawu ŋu la, ekema èwɔe nyuie.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Woɖi ɖase na hamea katã tso wò lɔlɔ̃ si nèɖe fia wo la ŋu. Anyo be nàdo mɔ wo le mɔ nyuitɔ si dze Mawu ŋu la nu,

Gade chapit la Kopi




3 Yohanes 1:6
15 Referans Kwoze  

eye míeɖi ɖase na mi be, miazɔ bena mianye ame dzedzewo na Mawu, amesi yɔ mi va ye ŋutɔ ƒe fiaɖuƒe kple ŋutikɔkɔe gbɔ la.


Do mɔ sefiala Zena kple Apolo nyuie, bena naneke nagahiã wo o.


Azɔ woawo la, esi hame la dɔ wo ɖa la, woto Foinike kple Samaria hele trɔ̃subɔlawo ƒe tɔtrɔŋutinya xlẽm fia. Eye wòzu dzidzɔ gã na nɔviawo katã.


Elabena ne woƒo mi le nuvɔ̃wɔwɔ ŋuti, eye miedo dzi kpee la, adegbeƒoƒo ka wònye ma? Ke ne míekpe fu le nu nyui wowɔ ŋuti, eye miedo dzi kpee la, eya enye amenuveve le Mawu ŋku me.


bene miazu alesi dze Aƒetɔ la hena eƒe ŋudzedze katã, miatse ku le dɔ nyui sia do nyui wɔwɔ me,


Gake la miewɔe nyuie be, miexɔ nam le nye xaxa me.


eye bena mato mia gbɔ ayi Makedonia, eye magagbugbɔ tso Makedonia agava mia gbɔ, bena miaɖom ɖa mayi Yudea.


gbesigbe ke madze mo ayi Spania la, mava mia gbɔ; elabena mele mɔ kpɔm bena, ne mele afima mɔ tom la, mava kpo mi ɖa, eye miaɖom ɖa ayi afima, ne mia kpɔkpɔ naɖi ko nam ʋee hafi.


Eye wòva me bena, esi míewu ŋkekeawo nu vɔ la, miedzo, eye mieyi miaƒe mɔzɔzɔ la dzi, eye wo katã kple nyɔnuwo kpakple ɖeviwo ɖo mí ɖa, vaseɖe esime miedo go le dua me; eye míedze klo ɖe ƒuta hedo gbe ɖa;


Demetrio kpɔa ɖaseɖiɖi nyui tso amewo katã kple nyateƒe la ŋutɔ hã gbɔ, eye miawo hã míele ɖase ɖim le eŋuti, eye ènyae bena, míaƒe ɖaseɖiɖi enye nyateƒe.


bena, miatsri trɔ̃wo ƒe vɔsawo kple ʋu kple lã tsiʋumewo kple ahasiwɔwɔ; ne miekpɔ mia ɖokui dzi nyuie le wo me la, ekema miewɔe nyuie. Minɔ anyi sesĩe!


Eye Yehowa gblɔ be: Ɖe nèle dɔmedzoe dom ɖe eteƒea?


Alo menye ale wòle oa? Ne èwɔ nyui la, wò ŋku me akɔ, ke ne mèwɔ nyui o la, ekema nuvɔ̃ de xa ɖe ʋɔtru nu, eye wòɖo tamea ɖe ɖe ŋuwò; ke wò la ɖu edzi!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite