Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Yohanes 1:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Lɔlɔ̃tɔ, èwɔ nuteƒe le nusianu, si nèwɔ na nɔvi, siwo nye amedzrowo la me,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Xɔ̃nye lɔlɔ̃a, èle nuteƒe wɔm le nu siwo nèle wɔwɔm na nɔviawo la me, togbɔ be wonye amedzrowo na wò hã.

Gade chapit la Kopi




3 Yohanes 1:5
13 Referans Kwoze  

Eyaŋuti esi asinukpɔkpɔ le mía si la, mina míawɔ nu nyui na amesiame, ke vevietɔ na haxɔsetɔwo.


Eye nusianu, si miewɔna le nuƒoƒo alo dɔwɔwɔ me la, miwɔ ye katã le Kristo Yesu ƒe ŋkɔa dzi, eye mida akpe na Mawu Fofo la le eyama me.


Eye Aƒetɔ la gblɔ bena: Azɔ amekae nye xɔnuvi nuteƒewɔla kple nunyala, amesi eƒe aƒetɔ aɖo eƒe aƒemetɔwo dzi be, wòana woƒe nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyui dzi mahã?


Azɔ amekae nye dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela, si eƒe aƒetɔ la ɖo eƒe aƒemetɔwo nu, ne wòana nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyui dzi mahã?


Eye le ŋkeke siawo me la Petro tsi tre ɖe nɔviawo titina (ameha, si ƒo ƒu la, nu anɔ alafa ɖeka kple blave), eye wògblɔ bena;


Mikpe ɖe ame kɔkɔewo ƒe hiãtuame ŋuti, minɔ amedzrowɔwɔ dzi!


Migaŋlɔ amedzroxɔxɔ be o; elabena le esia wɔwɔ me la amea ɖewo xa dziƒodɔlawo dze wo gbã, gake womenyae o.


Elabena dzi dzɔm ŋutɔ, esime nɔviwo va ɖi ɖase le wò nyateƒetɔnyenye ŋuti, alesi nèzɔna le nyateƒe mee.


Eyata ne meva la, maɖo ŋku eƒe dɔwɔwɔ, siwo wòwɔna kple nya vɔ̃, siwo wònɔa gbɔgblɔm ɖe mía ŋuti la dzi; eye nusiawo mesu me nɛ o: Eya ŋutɔ hã mexɔa nɔviawo o, eye wòxea ma na amesiwo lã be, yewoaxɔ wo, eye wòɖea wo le ha me.


Enumake amesi xɔ talento atɔ̃ la, yi ɖatrɔ le wo dzi, eye wòɖe vi talento atɔ̃ ɖe wo dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite