Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Yohanes 1:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Lɔlɔ̃tɔ, mele didim be, nuwo katã nadze dzi na wò nyuie, eye wò lãme nanɔ sesĩe, abe alesi wò luʋɔ le nyuie la ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Xɔ̃nye lɔlɔ̃a, medo gbe ɖa be nànɔ lãmesesẽ me, eye nu sia nu nadze edzi na wò nyuie abe ale si wò luʋɔ gɔ̃ hã le dedie ene.

Gade chapit la Kopi




3 Yohanes 1:2
19 Referans Kwoze  

Ke boŋ mitsi le mia Aƒetɔ kple xɔla Yesu Kristo ƒe amenuveve kple sidzedze la me. Eya tɔ lanye ŋutikɔkɔe la tso azɔ yiɖase mavɔmavɔ ƒe ŋkeke la dzi! Amen.


Ke vevietɔ la mitsɔ lɔlɔ̃ lɔ̃ mia nɔewo vevie; elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nuvɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ dzi.


Ele na mí bena, míada akpe na Mawu ɖaasi le mia ta, nɔviwo, abe alesi dze ene; elabena miaƒe xɔse tsina ŋutɔ, eye mi katã mia dome amesiame ƒe lɔlɔ̃, si mietsɔna lɔ̃a mia nɔewo la, sɔa gbɔ ɖe edzi,


amesiame nagakpɔ nusi nye ye ŋutɔ to dzi o, ke boŋ nekpɔ nusi nye ame bubu to la hã dzi!


Menya wò dɔwɔwɔwo kple wò xaxa kpakple wò ahedada — ke kesinɔtɔ nenye hafi — kple amesiwo gblɔna be, Yudatɔwo yewonye, eye womenyee o, ke boŋ Satana ƒe ƒuƒoƒe wonye la ƒe busubɔbɔ.


Ke wu wo katã la, nɔvinyewo, migatà nu o, eɖanye dziƒo alo anyigba alo nutàta bubua ɖeke o; ke miaƒe ẽ nanye ẽ, eye miaƒe o nanye o, ne miagadze ʋɔnudɔdrɔ̃ me o.


Eye elé dɔ vavã de kuku ge kloe; gake la Mawu kpɔ nublanui nɛ, ke menye na eya ŋutɔ ɖeɖekoe o, hafi na nye hã, bene nyemagakpɔ nuxaxa ɖe nuxaxa dzi o.


Ke ele na mí be, míada akpe na Mawu ɖaasi le mia ta, nɔvi, siwo Aƒetɔ la lɔ̃na, bena Mawu Mia mi tso gɔmedzedzea me hena xɔxɔ le Gbɔgbɔ ƒe kɔkɔewɔwɔ kple nyateƒe dzixɔse la me,


Esi Yesu see la, egblɔ na wo bena: Menye lãmesesẽtɔwoe hiã gbedala o, negbe dɔlélawo ko.


Hamemegã xoxo la ŋlɔ ɖo ɖe Gayo lɔlɔ̃tɔ, si melɔ̃na le nyateƒe me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite