Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Yohanes 1:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Demetrio kpɔa ɖaseɖiɖi nyui tso amewo katã kple nyateƒe la ŋutɔ hã gbɔ, eye miawo hã míele ɖase ɖim le eŋuti, eye ènyae bena, míaƒe ɖaseɖiɖi enye nyateƒe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Ame sia ame ƒoa nu nyui le Demetrio ŋu. Nyateƒea ŋutɔ hã gblɔa eƒe nya nyui. Míawo hã míeɖi ɖase nyui le eŋu, eye wò ŋutɔ enyae be míaƒe ɖaseɖiɖi nye nyateƒe.

Gade chapit la Kopi




3 Yohanes 1:12
8 Referans Kwoze  

Ke ele ne be, wòakpɔ ɖaseɖiɖi nyui atso amesiwo le egodo la hã gbɔ, bene wòagadze dzudzu kple Abosam ƒe mɔ̃tetre me o.


Amesia nye nusrɔ̃la, si le ɖase ɖim le nusiawo ŋuti, eye wòŋlɔ nya siawo, eye míenyãe bena, eƒe ɖaseɖiɖi lanye nyateƒe.


Eye Anania, ŋutsua ɖe, si vɔ̃a Mawu le sea nu, amesi ŋu Yudatɔ, siwo katã le afima, ɖi ɖase nyuie le la,


Eye wogblɔ bena: aʋafia Kornelio, ame dzɔdzɔe kple amesi vɔ̃a Mawu, amesi ŋuti Yuda-dukɔ blibo la katã ɖi ɖase nyuie le la, eya mawudɔla kɔkɔea ɖe de se na be, nedɔ, ne woayi ɖayɔ wò va eƒe me, bena wòase nyawo tso gbɔwò.


Eye amesi kpɔe la, ɖi ɖase, eye eƒe ɖaseɖiɖi la nye nyateƒe, eye ame ma nyae bena, yegblɔ nyateƒe, bena miawo hã miaxɔe ase.


bene miazɔ nyuie de amesiwo le egodo la ŋuti, bene naneke nagahiã mi o.


Eyata, nɔviwo, miyi ɖadi mia dome ŋutsu adre, amesiwo kpɔ ɖasediɖi nyui, eye woyɔ fũ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe kple nunya la, amesiwo míaɖo ɖa sia nu.


Woɖo ŋu bena: Mèsẽ ŋuta le amea ɖeke ŋu o, mate amea ɖeke ɖe anyi o, eye mèxɔa naneke le amea ɖeke si o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite