Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 9:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 nyi kple agbo ɖeka woawɔ akpedavɔsae; eye miawu wo le Yehowa ƒe ŋku me, eye miatsɔ nuɖuvɔsa, si wode amii vɛ, elabena egbea Yehowa aɖe eɖokui afia mi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Kpe ɖe esia ŋu la, woatsɔ nyitsu ɖeka kple agbo ɖeka asa akpedavɔ, eye woatsɔ wɔ si woblu kple ami la asa nuɖuvɔ na Yehowa, elabena egbe la, Yehowa aɖe eɖokui afia wo.”

Gade chapit la Kopi




3 Mose 9:4
18 Referans Kwoze  

Afima maɖe ɖokuinye afia Israel-viwo le, eye nye ŋutikɔkɔe ana agbadɔ la ŋuti nakɔ.


Eye Mose kple Aron woyi ɖe Mawu ƒe agbadɔ la me; eye esi wodo go la, woyra dukɔ la. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia dukɔ blibo la.


Eye Mose gblɔ bena: Ale Yehowa de se be, miawɔ; miwɔe, be Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe naɖe eɖokui afia mi!


Eye kpɔ ɖa, Israel ƒe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe tso ɣedzeƒe gome va, eye eƒe zinyenyẽ le abe tɔ gãwo ƒe hoowɔwɔ ene, eye eƒe ŋutikɔkɔe na anyigba le keklẽm.


Eye Korax ƒo ha blibo la nu ƒu ɖe wo ŋu heva Mawu ƒe agbadɔ la nu. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia ha blibo la.


Ke ha blibo la be, yewoaƒu kpe wo woaku, tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe do ɖe Mawu ƒe agbadɔ la gbɔ le Israel-viwo katã ŋku me.


Ne amea de be, yeasa nuɖuvɔ na Yehowa la, ekema wòatsɔ wɔ memee asa vɔ lae, eye wòakɔ ami de dzi, atsɔ dzudzɔdonu akpe de eŋu.


Eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe va nɔ Sinai-to la dzi, eye alilikpo tsyɔ to la ŋkeke ade sɔŋ Le ŋkeke adreagbe la eyɔ Mose tso alilikpo la me.


ne wòasu te le ŋkeke etɔ̃agbe; elabena le ŋkeke etɔ̃agbe Yehowa aɖi va Sinai-to la dzi le dukɔ blibo la ƒe ŋku me.


Esi Aron ƒo nu kple Israel-viwo ƒe ha bliboa la, wòtrɔ ŋgɔ dze gbedzi lɔƒo, eye kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia le alilikpoa ɖe me.


Eye nagblɔ na Israel-viwo bena: Milé gbɔ̃tsu woawo nuvɔ̃vɔsae, nyivi kple alẽvi, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, eye wosɔ blibo la, woawo numevɔsae,


Tete wotsɔ nusiwo Mose bia la, va Mawu ƒe agbadɔ la nu, eye ameha blibo la ƒo ƒu hetsi tre ɖe Yehowa ƒe ŋku me.


Ne ebe, yeatsɔ nyi asa akpedavɔe la, ekema wòatsɔ esi sɔ blibo, eɖanye atsu alo nɔ o, asa vɔ lae na Yehowa.


Eye ne wowu ŋkeke siawo nu vɔ la, ekema nunɔlawo nasa miaƒe numevɔwo kple miaƒe akpedavɔwo tso ŋkeke enyilia dzi heyii, eye miaƒe nu adze ŋunye. Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite