Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 9:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Eye dzo tso Yehowa gbɔ fiã numevɔsalã kple amiawo le vɔsamlekpui la dzi. Dukɔ blibo la kpɔe, eye wotso aseye hetsyɔ mo anyi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

24 eye dzo tso Yehowa gbɔ fia numevɔsa la kple amiawo le vɔsamlekpui la dzi. Esi ameawo kpɔe la, wo katã wodo dzidzɔɣli, eye wotsyɔ mo anyi le Yehowa ŋkume.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 9:24
24 Referans Kwoze  

Eye Yehowa ƒe dɔla la tsɔ atikplɔ, si le esi la nu tɔ lã kple tatali maʋamaʋã la dzi, enumake dzo do tso agakpe la me hefiã lã kple tatali maʋamaʋã la, eye Yehowa ƒe dɔla la bu vi le eƒe ŋku me.


Eye Dawid ɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa hesa numevɔ kple akpedavɔ. Eye esi wòyɔ Yehowa la, etɔ ne, eye wòna dzo tso dziƒo va numevɔsamlekpui la dzi.


Asaf ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe „dzogbenya ƒe ɖasediɖi“ ƒe gbe nu.


Ke srɔ̃a gblɔ nɛ bena: Ɖe wònye Yehowa ɖe wòdi be, yeawu mí la, anye ne mexɔ numevɔsa kple nuɖuvɔsa tso mía si o, eye anye ne mena míekpɔ nusiawo katã, eye míese nusiawo fifia o.


Esia enye vɔ, si Aron kple viaŋutsuwo asa na Yehowa le gbesigbe wòsi ami nɛ: Wɔ memee eta ƒe mamã ewoliawo ɖeka woatsɔ asa nuɖuvɔe gbesiagbe; woatsɔ wɔ la ƒe afã asa vɔe le ŋdi, eye afã le fiẽ.


Eye Yehowa ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae le dzobibi me le ŋuvea ɖe me. Esi wòlé ŋku ɖe eŋu la, ekpɔ bena, ŋuve la le bibim, gake mele fiafiãm o.


Eye wòva ve me bena, esime ɣe ɖo to, eye viviti do la, kpɔ ɖa, dzudzɔ le dodom le kpɔa ɖe me kɔlikɔli, eye dzo ƒe ade le dzi dem le lãwo domee.


Eye mawudɔlawo katã le tsitre ƒo xlã fiazikpui la kple amegã xoxoawo kple nu gbagbe eneawo, eye wotsyɔ woƒe mo anyi ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye wodo gbe ɖa na Mawu nɔ gbɔgblɔm bena:


Eye esime wòxɔ agbalẽa la, nu gbagbe eneawo kple amegã xoxo blave vɔ eneawo tsyɔ mo anyi ɖe alẽvi la ƒe ŋku me, eye saŋkuwo kple sikagba, siwo me yɔ taŋ kple atike ʋeʋẽe, si nye ame kɔkɔewo ƒe gbedodoɖawo la, le wo dome amesiame si.


Eye esi wote yi ŋgɔ ʋee la, edze klo tsyɔ mo anyi hedo gbe ɖa gblɔ bena: Fofonye, ne ate ŋui la, na be, kplu sia nato ŋutinye ayi; gake la menye alesi nye ŋutɔ medi o, negbe alesi wòa nèdi ko.


Wodzi kafukafuha kple akpedaha na Yehowa be. Eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee ɖe Israel dzi Eye ɖukɔ blibo la tso aseye sesie, esime wole Yehowa kɔfum, le esi woɖo Yehowa ƒe xɔ la gɔme anyi ŋuti.


Eye ne nu gbagbeawo le ŋutikɔkɔe kple bubu kple akpedada tsɔm na amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, amesi le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me la,


ke metu xɔ na wò, be nanɔ eme kple teƒe, si nanɔ tegbee.


Eye Xizkiya do gbe ɖa le Yehowa ŋku me gblɔ bena: Yehowa, Israel ƒe Mawu, asi nɔa Kerubiwo dzi, wò ɖeka koe nye Mawu ɖe anyigba dzi fiaɖuƒewo katã dzi, wòe wo dziƒo kple anyigba.


Ke woawo tsyɔ mo anyi hegblɔ bena: Oo, Mawu, si nye agbegbɔgbɔ, si le ŋutilãwo katã me la, ƒe Mawu! Esi ame ɖeka wɔ nuvɔ̃ la, eye nèle dɔmedzoe dom ɖe ha blibo la ŋua?


Tete Mose kple Aron tsyɔ mo anyi ɖe Israel-viwo ƒe ha blibo la katã ŋku me.


Tete Abram tsyɔ mo anyi, eye Mawu ƒo nu kplii bena:


Tete dzo tso Yehowa gbɔ va fiã wo, eye woku ɖe Yehowa ƒe ŋku me.


Womekpɔ dzɔgbevɔ̃e le Yakob ŋu o, eye womekpɔ fuwɔamea ɖeke le Israel ŋu o. Yehowa, eƒe Mawu la, li kplii, eye ayibopɛ le ɖiɖim le wo dome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite