Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 9:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Eye Mose kple Aron woyi ɖe Mawu ƒe agbadɔ la me; eye esi wodo go la, woyra dukɔ la. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia dukɔ blibo la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Mose kple Aron woyi Agbadɔ la me, eye esi wodo go la, woyra ameawo. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia ameha blibo la,

Gade chapit la Kopi




3 Mose 9:23
10 Referans Kwoze  

Eye Mose gblɔ bena: Ale Yehowa de se be, miawɔ; miwɔe, be Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe naɖe eɖokui afia mi!


Eye Korax ƒo ha blibo la nu ƒu ɖe wo ŋu heva Mawu ƒe agbadɔ la nu. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia ha blibo la.


Ke ha blibo la be, yewoaƒu kpe wo woaku, tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe do ɖe Mawu ƒe agbadɔ la gbɔ le Israel-viwo katã ŋku me.


Eye Mose kpɔ dɔ blibo la; kpɔ ɖa, wowɔe, abe alesi Yehowa de se be, woawɔe la ene. Eye Mose yra wo.


Esi Salomo do gbe da vɔ la, dzo tso dziƒo va fiã numevɔsawo kple akpedavɔsawo, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ xɔ la.


Esi Aron ƒo nu kple Israel-viwo ƒe ha bliboa la, wòtrɔ ŋgɔ dze gbedzi lɔƒo, eye kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia le alilikpoa ɖe me.


nyi kple agbo ɖeka woawɔ akpedavɔsae; eye miawu wo le Yehowa ƒe ŋku me, eye miatsɔ nuɖuvɔsa, si wode amii vɛ, elabena egbea Yehowa aɖe eɖokui afia mi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite