Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 9:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Emegbe wòsa vɔ na dukɔ la. Elé nuvɔ̃vɔsagbɔ̃tsu, si nye dukɔa to la, eye wòwui hetsɔ sa nuvɔ̃vɔe, abe alesi wòwɔe gbã ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Emegbe la, etsɔ ameawo ƒe nunanawo sa vɔe. Ewu gbɔ̃tsu la, eye wòtsɔe sa vɔe abe ale si wòsa nu vɔ̃ vɔsa ɖe eɖokui ta ene.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 9:15
11 Referans Kwoze  

eye esia ta wòle nɛ bena, abe alesi wòsa vɔ ɖe dukɔ ta ene la, nenema ke wòasa vɔ ɖe ye ŋutɔ ɖokui hã ta le nuvɔ̃wo ŋuti.


Eyata ele nɛ be, wòaɖi nɔviawo le nuwo katã me, bene wòatrɔ zu nunɔlagã nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le Mawu ƒe dɔwo gome, bene wòalé avu le dukɔ la ƒe nuvɔ̃wo ta.


Eye nagblɔ na Israel-viwo bena: Milé gbɔ̃tsu woawo nuvɔ̃vɔsae, nyivi kple alẽvi, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, eye wosɔ blibo la, woawo numevɔsae,


amesi tso eɖokui hena ɖe mía ta, bene yeaxe fe ɖe mia ta axɔ mí atso sedzimawɔmawɔ katã me, eye bene yeaklɔ dukɔ, si doa vevie le dɔ nyui wɔwɔ me la ŋuti hena ye ŋutɔ ɖokui!


Elabena amesi menya nuvɔ̃a ɖeke o la, ewɔe ne wòanye nuvɔ̃ ɖe mia teƒe, bene míawo la míazu Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye le eyama me.


Ke Yehowa ɖi be, yeatsɔ dɔléle agbãe gudugudu; ne etso eɖokui wo fɔɖivɔsae la, akpɔ dzidzimeviwo, anɔ agbe didie, eye Yehowa ƒe tameɖoɖo adze edzi to eƒe asi dzi.


Eye wòkpala dɔmenuawo kple afɔawo da ɖe numevɔsalã la dzi heto dzo wo.


Eye Mose bia nuvɔ̃vɔsagbɔ̃tsu, si susɔ la, ta se, eye kpɔ ɖa, wòtɔ dzoe xoxo. Tete wodo dɔmedzoe ɖe Eleazar kple Itamar, Aron viŋutsu mamleawo ŋu gblɔ bena: Nukaŋuti mieɖu nuvɔ̃vɔsalã la le teƒe kɔkɔe la o? Elabena nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye, eye wotsɔe na mi, bena miaɖe ha lã ƒe vodadawo ɖa, eye mialé avu na wo le Yehowa ƒe ŋku me.


Tete nunɔlawo wu wo hetsɔ woƒe ʋu kɔ ɖe vɔsamlekpui la dzi, ne wòanye nuvɔ̃vɔsa, ne woatsɔ alé avu na Israel blibo lae, elabena fia la de se be, numevɔsa la kple nuvɔ̃vɔsa la wonye Israel blibo la tɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite