Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 8:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 etsɔ akɔtaɖonu la ɖo eŋu, eye wotsɔ Urim kple Tumim ɖe akɔtaɖonu la me;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Edo akɔtatsyɔnu la hã nɛ, eye wòtsɔ nu si wotsɔna bia gbe Mawui, “Urim” kple “Tumim,” de akɔtatsyɔnu la ƒe kotoku me.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 8:8
13 Referans Kwoze  

Eye anyigba dzikpɔla gblɔ na wo bena, womekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔetɔ ƒe ɖeke, o, vaseɖe esime nunɔlaa ɖe natsɔ Urim kple Tumim adoe hafi.


ke mí amesiwo nye ŋkeke tɔwo la, mina mianɔ mo xexi, eye míado xɔse kple lɔlɔ̃ ƒe akɔtakpoxɔnu, eye míaɖɔ xaxa ƒe mɔkpɔkpɔ ƒe gakuku la.


Azɔ la mitsi tre, eye mitsɔ nyateƒe bla miaƒe aliwo dzi, eye mido dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtakpoxɔnu,


Edo dzɔdzɔenyenye abe ga wu ene, eye wòɖɔ xɔname ƒe gakuku ɖe la; eta hlɔ̃biabia abe ava ene, eye wòda ŋuʋaʋã ɖe abɔ abe taɖedzi ene.


Tsɔm wɔ ŋkɔslgɛ ɖe wò dzi ŋu kple ŋkɔsigɛ de wò asi! Elabena lɔlɔ̃ tri akɔ wu ku, eye ŋuʋaʋã se wu tsleƒe, eƒe bibi le abe dzo ƒe bibi ene, Yehowa ƒe dzoƒade wònye!


Ele nɛ be, wòava nunɔla Eleazar gbɔ, bena wòatsɔ Urim abia nu nɛ le Yehowa ŋku me; eye alesi wògblɔ la, eya nu woa kple Israel-viwo ƒe ha blibo la katã naho, eye woagatrɔ agbɔ ɖo.


Eye wògblɔ le Lewi ŋu bena: Wò Tumim kple Urim enye wò ame kɔkɔe la tɔ. Amesi nete kpɔ le Masa, eye nèwɔ dzre kplii le dzrewɔtsia gbɔ.


Metiae tso Israel-towo katã dome, be wòanye nunɔla nam, eye woate ɖe nye vɔsamlekpui la ŋu, woatso nu ʋeʋẽe ado dzudzɔe, eye wòado kɔmewu la le ŋkunye me, eve metso Israel-viwo ƒe dzovɔsawo katã na fofowò ƒe aƒe la


Eye Saul bia nu Yehowa, ke Yehowa meɖo ŋu nɛ le drɔ̃e me loo alo to Urim alo nyagblɔɖilawo dzi o.


Eye anyigbanua dzikpɔla gblɔ na wo bena, womekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔe-tɔwo ƒe ɖeke o, vaseɖe esime nunɔla natsɔ Urim kple Tumim adoe hafi.


Eye nusi nawɔ na wo, be nawɔ wo kɔkɔe, ne woazu nunɔlawo asubɔm la, enye si: Lé nyitsu ɖagbee ɖeka kple agbo eve, siwo sɔ blibo,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite