Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 8:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Edo awutewui ʋlaya la nɛ, eye wotso alidziblanu bia edzi; emegbe wòdo dziwui la nɛ, eve wòdo kɔmewu la ɖe dzi; eyome wòtsɔ akɔblanu, si le kɔmewua ŋu la, bia akɔ nɛ,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 eye wòdo awutewui tɔxɛ la, alidziblanu la, dziwui kple kɔmewu la na Aron.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 8:7
12 Referans Kwoze  

Nusiwo woatɔ wonye: akɔtaɖonu, kɔmewu, dziwui, awutewui ʋlaya, si wotsɔ deti ɣi lɔ̃e, tablanu kple alidziblanu; eye woatɔ awu kɔkɔewo na nɔviwò Aron kple viaŋutsuwo, be woazu nunɔlawo asubɔm.


Elabena mi ame alesi nu wode mawutsi ta na ɖe Kristo me la, miedo Kristo.


hafi mido Aƒetɔ Yesu Kristo boŋ, eye migana beléle na ŋutilã nazu nudzodzrowo yomenɔnɔ o.


esi nye Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye, si toa Yesu Kristo dzixɔxɔse me vana na amesiwo katã xɔna sena la. Elabena vovototoa ɖeke meli o;


Mele dzidzɔ kpɔm ɖe Yehowa ŋu, nye luʋɔ le aseye tsom ɖe nye Mawu ŋu; elabena eta xɔname ƒe avɔ nam, eye wòdo dzɔdzɔenyenye ƒe awu ʋlaya nam, abe alesi ŋugbetɔsrɔ̃ blaa atsyɔ̃tae kple alesi ŋugbetɔ doa nui la ene.


ne mata avɔ na Zion ƒe konyifalawo, mana atsyɔ̃ɖoɖo wo ɖe dzowɔ teƒe, dzidzɔmi ɖe konyifafa teƒe, atsyɔ̃vɔ ɖe gbɔgbɔ, si nu ti kɔ na teƒe, eye woayɔ wo be „dzɔdzɔenyenye ƒe logotiwo“, „Yehowa ƒe atibɔ“, si wòbe, yeatsɔ ade bubu eɖokui ŋu.


Fɔ awua wo vɛ, eye nado awutewui ʋlaya la kple dziwui la kpakple kɔmewu la na Aron; gba wo dzi nɛ kple akɔgbanu, eye natsɔ akɔtaɖonu la aɖo eŋu.


Tɔ awu kɔkɔewo na nɔviwò Aron, bena woade bubu eŋu, eye woaɖo atsyɔ nɛ.


Eye aɖaŋuvɔlɔ̃lawo natsɔ sika, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩto ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti yi dada alɔ̃ kɔmewu lae.


Metiae tso Israel-towo katã dome, be wòanye nunɔla nam, eye woate ɖe nye vɔsamlekpui la ŋu, woatso nu ʋeʋẽe ado dzudzɔe, eye wòado kɔmewu la le ŋkunye me, eve metso Israel-viwo ƒe dzovɔsawo katã na fofowò ƒe aƒe la


Ne nunɔlawo ge ɖe kɔkɔeƒea me la, womado ayi xɔxɔnu kɔtoetɔ o, ke boŋ woaɖe woƒe awu, siwo wodo subɔ la, ɖe afima, elabena nu kɔkɔewo wonye, eye woaɖo awu bubuwo hafi ayi teƒe, si woɖo ɖi na dukɔ la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite