Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 8:35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

35 Minɔ Mawu ƒe agbadɔ la nu ŋkeke adre sɔŋ zã kple keli, eye ŋkeke adre mialé ŋku ɖe Yehowa ƒe ɖoɖoawo ŋu, ne miagaku o, elabena nenema wòde se gblɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

35 Ele be mianɔ Agbadɔ la ƒe mɔnu zã kple keli ŋkeke adre, eye miawɔ nu siwo Yehowa de se na mi be miawɔ. Ne miewɔe o la, miaku. Esiawoe nye se siwo Yehowa de nam.”

Gade chapit la Kopi




3 Mose 8:35
24 Referans Kwoze  

Lé ŋku ɖe Yehowa, wò Mawu, ƒe nudidiwo ŋu, eye nazɔ eƒe mɔwo dzi, ne nalé eƒe ɖoɖowo, sewo, kɔnuwo kple ɖaseɖiɖiwo me ɖe asi, abe alesi woŋlɔe ɖe Mose ƒe se la me ene, ne nusiwo katã nawɔ kple afisiafi, si nayi la, nadze edzi na wò;


Eyata lɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nawɔ eƒe nufiamewo kple ɖoɖowo, kɔnuwo kple sewo dzi ɣesiaɣi.


Ne alilikpo la tsi nɔƒe la dzi ŋkeke geɖewo la, ekema Israel-viwo kpɔa Yehowa sinu, eye womehona o.


Eye woawɔ do, si le eya ŋutɔ kple ha blibo la ŋu, le Mawu ƒe agbadɔ la nu; woawoe awɔ dɔ, si le nɔƒe la ŋu.


Elabena se la tsɔa amesiwo gbɔdzɔ la ɖoa nunɔlagãwo; ke atamkaka, si dze se la yome la, ƒe nya ɖo Vi, si wowɔ blibo la, nunɔlagã yi ɖe mavɔmavɔ me.


Mele atam kam na wò, le Mawu kple Yesu Kristo, amesi le ʋɔnu drɔ̃ ge ame gbagbewo kple ame kukuwo le eƒe ɖeɖefia kple fiaɖuƒe me la, ƒe ŋku me:


Oo, Timoteo! Dzra nusi wode asi na wò la ɖo; gbe dzeɖoɖo ƒuƒlu makɔmakɔwo kple aʋatsosidzedze ƒe nudadafiafia,


De se na xexe sia me kesinɔtɔwo bena, woagado wo ɖokui ɖe dzi glodzo o, eye womagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aɖo kesinɔnuwo ƒe dediemanɔmanɔ dzi o; ke boŋ ɖe Mawu gbagbe, si tsɔ nuwo katã na mí fũ be, míawɔ wo ŋuti do la dzi;


Mele se ɖem na wò le Mawu, si gbɔa agbe nuwo katã, kple Kristo Yesu, si ɖi emeʋuʋu nyui ƒe ɖase le Pontio Pilato gbɔ la, ƒe ŋku me


Mele atam kam na wò le Mawu kple Kristo Yesu kpakple mawudɔla tiatiawo ŋku me bena, nalé nusiawo me de asi, eye amea ɖewo ƒe nu naganyo ŋuwò awu amea ɖewo o, eye megawɔ naneke alé go ɖeka me awu bubu o.


Mele sedede sia dem asi na wò, vinye Timoteo, le nyagbɔgblɔɖeanyi, siwo dze ŋgɔ na wò la nu, bene nawɔ aʋa nyui le wo nu,


Azɔ la esi ŋugbedodo siawo le mía si la, lɔlɔ̃tɔwo, mina míakɔ mia ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, bena míawu kɔkɔenyenye nu le mawuvɔvɔ̃ me.


nunɔla, siwo ŋu woka, amesiwo nye Zadok-viwo, eye wowɔ nye subɔsubɔdɔwo, wometrɔ le yonyeme abe Lewi-viwo ene, esime Israel-viwo tra mɔ o la tɔ wòanye.


Ŋkeke adre sɔŋ natsɔ nuvɔ̃vɔsa ƒe gbɔ̃tsu, nyitsuvi kple agbo tso alẽwo dome asa vɔe; nu megawɔ wo hafi woatsɔ asa vɔ lae o.


Eye wòatsɔe aɖe nuvɔ̃ ɖa le eɖokui ŋu le ŋkeke etɔ̃lia kple ŋkeke adrelia dzi, ekema eŋu ko; gake ne meɖe nuvɔ̃ ɖa le eɖokui ŋu le ŋkeke etɔ̃lia kple ŋkeke adrelia dzi o la, ekema eŋu meka o.


Eye amesi ŋu kɔm wole la, nanyã eƒe avɔwo, alũ eƒe dawo keŋ, eye wòale tsi, ekema eŋu kɔ. Emegbe ekpɔ mo ayi asaɖa la me, gake woatsi eƒe agbadɔ nu ŋkeke adre sɔŋ.


Eye Aron viŋutsuawo Nadab kple Abihu, tsɔ woƒe dzudzɔdosonuwo ɖe dzo ɖe me, eye woda dzudzɔdonu ɖe wo dzi, eye wotsɔ dzo bubu, si ŋu meɖe mɔ le na wo o la, va Yehowa ƒe ŋku me.


Eye Mose tsɔ ami sisi la kple nu, si le vɔsamlekpuia dzi la, ƒe ɖe wu ɖe Aron kple eƒe awuwo kpakple viaŋutsuawo kple woƒe awuwo ŋu; ale wòkɔ Aron kple eƒe awuwo kpakple viaŋutsuawo kple woƒe awuwo ŋu.


Wɔ na Aron kple viaŋutsuawo pɛpɛpɛ, abe alesi mede se na wò ene: ŋkeke adre sɔŋ naɖo wo.


Alesi wowɔ egbea la, nenema Yehowa de se be, woawo ayi dzi, be woalé avu na mi.


Eye Aron kple viaŋutsuawo wo nusianu, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite