Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 8:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 eye na ameha blibo la naƒo ƒu ɖe Mawu ƒe agbadɔ la ƒe ʋɔtru nu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 eye nàna ameha blibo la naƒo ƒu ɖe Mawu ƒe Agbadɔ la ƒe mɔnu.”

Gade chapit la Kopi




3 Mose 8:3
16 Referans Kwoze  

Eye esi Pentekoste-ŋkeke la ɖo la, wo katã wotsɔ tame ɖeka nɔ afi ɖeka.


Tete ameha gãa ɖe va kpe ta ɖe Yerusalem, be woaɖu abolo maʋamaʋã ŋkekenyuie la le dzinu evelia me, ameha la sa gbɔ ŋutɔ.


Elabena medo vlo, eye menya ŋu hiãtɔ ƒe hiã o, meɣla ŋku me ɖee o, eye esi wodo ɣli nɛ la, eɖo to.


Esi Israel-viwo le woƒe duwo me, eye dzinu adrelia do la, dukɔ blibo la ƒo ƒu sɔsɔe ɖe dogba dzi de tsigbo la nu; eye wogblɔ na agbalẽfiala Ezra bena, wòatsɔ Mose ƒe se, si Yehowa de na Israel la ƒe agbalẽ va.


Tete Yuda ƒe ameha blibo la, nunɔlawo kple Lewi-viwo, ameha blibo, si tso Israel, kpakple amedzro, siwo tso Israel-nyigba dzi, kple esiwo le Yuda la, kpɔ dzidzɔ.


Fia la kple eƒe amegãwo kpakple ameha blibo la ɖo be, woaɖu ŋutitotoŋkekenyuie la le dzinu evelia me.


Eye fia Salomo kple Israel ƒe ameha blibo, si kpe ta ɖe egbɔ la, tsi tre ɖe aɖaka la ŋgɔ, eye wotsɔ alẽwo kple nyiwo, siwo womete ŋu xlẽ alo bu wo o la, sa vɔe.


Ɣemaɣi Salomo ƒo Israel-ame tsitsiwo, toawo ƒe tatɔwo katã kple Israel-viwo ƒe aƒekɔwo ƒe amegãwo nu ƒu ɖe Yerusalem, ne wòaɖatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso Dawid ƒe du, si nye Zion la me vɛ.


Tete Dawid yɔ Israel blibo la va Yerusalem, ne woaɖatsɔ Yehowa ƒe aɖaka la ava nɔƒe, si wòwɔ nɛ la.


Eye Dawid yɔ Israel blibo la tso Egiptetɔwo ƒe Sixor vaseɖe Xamat, ne woaɖakɔ Mawu ƒe aɖaka la tso Kiryat-Yearim vɛ.


Emegbe wotso le afima va vudo la gbɔ. Esia nye vudo, si ŋu Yehowa gblɔ le na Mose be: Ƒo dukɔ la nu ƒu, bena mana tsi wo.


Tsɔ wò atikplɔ, eye mia kple nɔviwò Aron miaƒo ha la nu ƒu, eye naƒo nu kple agakpe la le woƒe ŋku me, ekema ana tsi. Ale nana tsi nado le agakpe la me, bena ha la kple woƒe lãwo nano.


Kplɔ nɔviwò Aron kple viaŋutsuwo, eye natsɔ awuawo, ami sisi la, nuvɔ̃vɔsa-nyitsu la, agbo eveawo kpakple kusi, si me nu maʋamaʋãwo le,


Mose wo abe alesi Yehowa de se nɛ ene, eye ameha la ƒo ƒu ɖe Mawu ƒe agbadɔ la ƒe ʋɔtru nu.


Emegbe nana Lewitɔwo nate va Mawu ƒe agbadɔ la ŋgɔ, eye naƒo Israel-viwo ƒe ha blibo la nu ƒu.


Eye nunɔla, si le nua wɔm la, nakplɔ amesi ŋu kɔm wole la, akpe ɖe nuawo ŋu aɖo Yehowa ŋku me le Mawu ƒe agbadɔ la nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite