Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 8:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Emegbe Mose wui, eye wotso eƒe asibide sisi ʋu la ƒe ɖe ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu godoo va kpe, eye wòɖe nuvɔ̃ ɖa le vɔsamlekpui la ŋu; ke ekɔ ʋu mamlea ɖe anyigba le vɔsamlekpui la gbɔ. Ale wòwɔe kɔkɔe, esi wòwɔ avulénuwo le eŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Mose wu nyitsu la, tsɔ eƒe ʋu ƒe ɖe, eye wòtsɔ eƒe asibidɛ sisi ʋua ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo katã ŋu be yeakɔ vɔsamlekpui la ŋuti. Ekɔ ʋua mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te. Ale wòkɔ eŋuti, eye wòwɔe wòanye avuléle nɛ.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 8:15
23 Referans Kwoze  

Emegbe nunɔla la natsɔ ʋu la asisi ɖe vɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔ la me, si dzi wotsɔa atike ʋeʋẽewo doa dzudzɔe ɖo la, fe dzowo ŋuti le Yehowa ƒe ŋku me ke wòatsɔ nyitsu la ƒe ʋu mamlea akɔ ɖe vɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔ nu la te.


Eyata ele nɛ be, wòaɖi nɔviawo le nuwo katã me, bene wòatrɔ zu nunɔlagã nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le Mawu ƒe dɔwo gome, bene wòalé avu le dukɔ la ƒe nuvɔ̃wo ta.


eye wòlé avu le wo ame eve la siaa kple Mawu dome le ŋutilã ɖeka me to atitsoga me, esi wòwu adikã la le eɖokui me.


Elabena ne wolé avu le mia kple Mawu dome to Via ƒe ku me, esime míenye ketɔwo la, woaxɔ mi geɖe awu to eƒe agbe me, esime wolé avu na mi megbe la.


Kwasiɖa blaaɖre woɖo ɖe wò dukɔ kple wò du kɔkɔe la ŋu, ne woaxe mɔ na dzidada, eye woatsi nuvò nu, woalé avu ɖe vodada nu, eye woahe dzɔdzɔenyenye mavɔ vɛ, woaɖo kpe ŋutega kple nyagblɔɖiwo dzi, eye woakɔ nu kɔkɔetɔ ŋu.


Alea nawɔ le dzinu adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi ɖe amesiwo ɖe ŋu ɖi alo wɔ nu le manyamanya me la ta, ne mialé avu na aƒe la.


Tete nunɔlawo wu wo hetsɔ woƒe ʋu kɔ ɖe vɔsamlekpui la dzi, ne wòanye nuvɔ̃vɔsa, ne woatsɔ alé avu na Israel blibo lae, elabena fia la de se be, numevɔsa la kple nuvɔ̃vɔsa la wonye Israel blibo la tɔ.


Ne eɖe nuvɔ̃ ɖa le kɔkɔeƒe la, Mawu ƒe agbadɔ la kple vɔsamlekpui la ŋu va la, ekema wòana woahe gbɔ̃tsu gbagbe la vɛ.


Emegbe nunɔla la natsɔ eƒe asi asisi eƒe nu la ƒe ɖe ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, ke wòatsɔ ʋu mamlea katã akɔ ɖe vɔsamlekpui la te.


eye wòatsɔ eƒe asi aɖo eƒe vɔsalã la ƒe tame, eye wòawui le Mawu ƒe agbadɔ la nu; emegbe Aron viŋutsuwo natsɔ ʋu la ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo ava kpe.


Eye wòatsɔ eƒe asi aɖo eƒe vɔsalã la ƒe tame, eye woawui le Mawu ƒe agbadɔ la nu; emegbe Aron viŋutsu, siwo nye nunɔlawo, natsɔ ʋu la ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo ava kpe.


Eye woawui ɖe vɔsamlekpui la ƒe anyiehekpa dzi le Yehowa ŋku me. Eye Aron viŋutsu, siwo nye nunɔlawo, natsɔ eƒe ʋu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo ava kpe.


Eye wòawu nyivi la le Yehowa ƒe ŋku me, eye Aron viŋutsu, siwo nye nunɔlawo la, natsɔ ʋu la ahlẽ ɖe vɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔ nu la ŋu godoo ava kpe.


Emegbe nunɔla natsɔ eƒe asi asisi nuvɔ̃ŋutivɔsalã ƒe ʋu la ƒe ɖe ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, ke woatsɔ ʋu mamlea akɔ ɖe numevɔsamlekpui la te.


Lewitɔwo natsɔ woƒe asiwò aɖo nyitsuawo ƒe tame, eye natsɔ ɖeka asa nuvɔ̃vɔe, eye natsɔ evelia asa numevɔ na Yehowa, bena nalé avu na Lewitɔwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite