Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 7:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Nuɖuvɔsa, siwo katã woƒona ɖe kpo me, woɖana le ze me alo wotɔna le agba me la, nanye nunɔla, si tsɔe sa vɔe la tɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Nunɔla si sa nuɖuvɔ la na Yehowa la axɔ nuɖuɖu si susɔ ne ewu vɔsa la nu. Woawɔ se sia dzi nenye be wome vɔsanu la le kpo me loo, tɔe le ami me loo alo mee le dzo me.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 7:9
12 Referans Kwoze  

Ke amesi wofiã nui le nya me la, nade ha kple amesi le nu fiam la, le nu nyuiwo katã me.


Woaɖu nuɖuvɔsa, nuvɔ̃vɔsa kple fɔɖivɔsa, eye nusiwo katã wodo busui le Israel la, nanye wo tɔ.


Woƒe nunana kɔkɔetɔ, siwo anye tɔwò la, wonye, woƒe nuɖuvɔsawo katã, nuvɔ̃vɔsawo katã kple fɔɖivɔsawo katã, siwo wonam la dometɔ, siwo womatɔ dzoe o, nu kɔkɔe woanye na mia kple viwòŋutsuwo.


Ke nuɖuvɔsa mamlea nye Aron kple viaŋutsuwo tɔ, nu kɔkɔewo fe nu kɔkɔe wònye tso Yehowa ƒe dzovɔsa la me.


Ɖe mienyae bena, amesiwo woa kɔkɔeƒe ƒe dɔwo la, kɔkɔeƒe ƒe nuwo woɖuna, eye amesiwo subɔna le vɔsamlekpui ŋuti la, vɔsamlekpui ƒe nuwo me wokpɔa wo tɔ nua tsonɛ oa?


Ameka gɔ̃e woa aʋawɔvi ƒe do, eye wòxea fe na eɖokui? Alo ameka gɔ̃e dea weingble, eye meɖua eƒe kutsetse oa? Alo amekae nyia lãha, eye menoa lãha la ƒe notsi oa?


Ale nunɔla alé vu nɛ le eƒe vo, si wòda le nusiawo dometɔ ɖeka me la ta, eye woatsɔe akee. Ke nu mamlea nye nunɔla la tɔ abe nuɖuɖuvɔsa tɔ ene.


Ne nunɔla sa numevɔ na amea ɖe la, ekema numevɔsalã la ƒe agbalẽ enye nunɔla tɔ.


Eye nuɖuvɔsa, siwo katã woɖe amii alo wole ɣeɣe la, nye Aron viŋutsuwo dome ɖesiaɖe tɔ.


Ke wometsɔ ga, si woxe ɖe dzidada kple nuvɔ̃wo ta la, va Yehowa ƒe me o; nunɔla wo tɔ wònye.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite