Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 7:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye nunɔla natɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi, elabena dzovɔsa wònye na Yehowa; fɔɖivɔsae.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Nunɔla la atɔ dzo nu siawo katã le vɔsamlekpui la dzi abe fɔɖivɔsa ene na Yehowa.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 7:5
13 Referans Kwoze  

Ke amesiwo nye Kristo tɔ la, woklã woƒe ŋutilã kple woƒe nudzodzro wuamenu wo kpakple ŋubiabiãwo de atitsoga ŋu.


Mele agbe, gake meganye nyee le agbe o, ke boŋ Kristo ye le agbe le menye; ke nusi ƒe agbe mele le ŋutilã me azɔ la, mele agbe le Mawuvi, si lɔ̃m, eye wòtsɔ ye ŋutɔ ɖokui na ɖe tanye la, ƒe dzixɔxɔse me.


Eye nunɔla natɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi, dzovɔsanuɖuɖu, si ʋẽna lilili wònye. Amiawo katã Yehowa tɔe.


Eye nunɔla nato dzo bli gbagbã, si dzi ami le la, ƒe ɖe kple dzudzɔdonu la katã hena ŋkuɖoɖo dzi, elabena dzovɔsae wònye na Yehowa.


Eye nunɔla naɖe ɖe le nuɖuvɔsa la ŋu hena ŋkuɖoɖo dzi, eye woatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi; dzovɔsa, si ʋẽna lilili ɖe Yehowa wònye.


Eye woatsɔe ava Aron viŋutsu, siwo nye nunɔlawo la gbɔ, eye nunɔla naku eƒe wɔ memee, si dzi ami le la, asiƒlo ɖeka, eye woatɔ dzoe kpakple dzudzɔdonu la katã le vɔsamlekpui la dzi, hena ŋkuɖoɖo dzi; dzovɔsa, si ʋẽna lilili de Yehowa wònye.


Eye woatso tsi akpala eƒe dɔmenuwo kple eƒe afɔwo, eye nunɔla natsɔ wo katã asa vɔe, eye woata dzo wo le vɔsamlekpui la dzi; elabena numevɔsae, dzovɔsa si nena lilili de Yehowa wònye.


Ke woatso tsi akpala eƒe domenuwo kple eƒe afɔwo, eye nunɔla Aron nata dzo wo katã le vɔsamlekpui la dzi, elabena numevɔsae dzovɔsa, si ʋẽna lilili ɖe Yehowa wònye.


Ke ne mate ŋu ana alé o la, ekema wòatsɔ akpakpa eve alo ahɔnevi eve asa vɔe na Yehowa ɖe eƒe vo, si wòda heɖi fɔ la ta; wòatsɔ ɖeka asa nuvɔ̃ŋutivɔe, eye woatso evelia asa numevɔe.


ayiku eveawo kple wo ŋu mi, siwo ku ɖe ali la ŋu, kpakple aklã ŋu miawo; ayikuawo ŋu wòaɖe wo le.


Ŋutsu sia ŋutsu, si nye nunɔla la, kpɔ mɔ aɖui le teƒe kɔkɔe la, elabena nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye.


Nusiwo wòaɖe le akpedavɔsa la ŋu asa dzovɔ na Yehowa, wonye: Ami, si tsyɔ dɔmenuawo dzi kple ami, siwo katã le dɔmenuawo ŋu,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite