Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 7:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Ɖusita la hã nye nunɔla tɔ le miaƒe akpedavɔsawo me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

32 Mitsɔ miaƒe akpedavɔsalã ƒe ɖusita na nunɔla la.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 7:32
12 Referans Kwoze  

Eye nunɔla nanyè wo le Yehowa ŋku me, nu kɔkɔewo wonye hena nunɔla la kpe ɖe akɔ, si wonye kple ata, si nye adzɔ la ŋu. Emegbe amesi ɖe adzɔgbe hekɔ eɖokui ŋu la, kpɔ mo ano wein.


Ke Aron nyè akɔwo kple ɖusitawo le Yehowa ƒe ŋku me, abe alesi Mose de se ene.


Elabena meɖe akɔ, si wonye kple ata, si nye adzɔ la, le Israel-viwo ƒe akpedavɔsawo me na nunɔla Aron kple viaŋutsuawo. Esia anye ɖoɖo na Israel-viwo tegbee.


Nunɔlawo ƒe adzɔ enye si: Ne dukɔ la tsɔ nyi alo alẽ sa akpedavɔ la, ekema woatsɔ abɔ kple glã kpakple dɔgbo na nunɔlawo.


Ke wò ŋuta, viwòŋutsuwo kple viwònyɔnuwo miaɖu lã la ƒe akɔ, si wonye kple ata, si nye adzɔ la, le teƒe dzadzɛ la, elabena wò ŋutɔ kple viwòŋutsuawo ƒe gome wònye tso Israel-viwo ƒe akpedavɔsawo me.


Kɔ agbo, si wowu hena Aron kple viaŋutsuawo ɖoɖo la, ƒe akɔ kple ata, siwo wonye la ŋuti,


Aron viŋutsuwo dometɔ, si tsɔ akpedavɔsalã ƒe ʋu kple ami sa vɔe la, tɔ enye ɖusita la.


Israel-viwo ƒe nunana kɔkɔe, siwo katã anye adzɔ na nunɔla la, nanye etɔ.


Tete nuɖala yi ɖatsɔ ata kple nusiwo le eŋu la, va ɖo Saul kɔ me. Eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, esia wotsɔ le megbe kpɔm na wò, hee ɖe akɔ me naɖu, elabena esi mekpe dukɔa la, eya medzrae ɖo na wò vaseɖe fifi. Eye Saul kple Samuel woɖu nu gbemagbe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite