Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 7:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ke ne amea ɖe ɖe adzɔgbe alo dzi dzɔe wòsa vɔ la, ekema woaɖu vɔsalã la le gbesigbe wosa vɔ la, eye ne ŋu ke ɖe dzi hã, wokpɔ mɔ aɖu mamlea.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 “Ke ne ame aɖe tsɔ nane vɛ si menye akpedavɔsa o, ke boŋ wònye vɔsa ɖe atam si amea ka ta alo wònye lɔlɔ̃nununana la, ekema vɔsalã si womeɖu le ŋkeke si dzi wosa vɔ la le o la, woate ŋu aɖui ne ŋu ke.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 7:16
17 Referans Kwoze  

afima miatsɔ miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo, miaƒe nuwo ƒe ewolia kple adzɔ, si miaƒe asiwò na, miaƒe adzɔgbeɖe-nunanawo kple nusiwo miena le mia ɖokui si, kpakple nyiwo kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeawo ayii.


Eyi ne amegã la be, yeasa numevɔ alo akpedavɔ na Yehowa le eɖo kui si la, ekema woaʋu agbo, si ɖe ta ɣedzeƒe gome la nɛ, eye wòase eƒe numevɔ kple akpedavɔ, abe alesi wòwɔna le dzudzɔgbe ene, emegbe wòado go, eye ne edzo la, ekema woatu agbo la.


Maxe nye adzɔgbeɖefe na Yehowa le eƒe dukɔ blibo la ŋku me,


Maxe nye adzɔgbeɖefe na Yehowa le eƒe dukɔ blibo la ŋku me.


Matsɔ numevɔsa ava aƒewò mee, ne maxe nye adzɔgbeɖefe,


Negbe wò nu nana kɔkɔewo kple wò adzɔgbeɖevɔsawo ko natsɔ ava teƒe, si Yehowa atia lae,


Mekpɔ mo ano wò wein ƒe ewolia, eye naɖu wò bli kple ami ƒe ewolia, wò nyi kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeawo, nusiwo katã nèɖe adzɔgbe na kple nusiwo nana le ɖokuiwò si kpakple adzo, si wò asi na la, le wò duwo me o.


ekema mitsɔ nusiwo katã ŋu mede se na mi le egbea, siwo nye miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo, miaƒe nuwo ƒe ewolia kple adzɔ, si miaƒe asiwò na, kpakple nusiwo katã miena le mia ɖokui si heɖe adzɔgbe na Yehowa la, va teƒe, si Yehowa, mia Mawu, atia, be yeƒe ŋkɔ nanɔ,


eye mieɖe adzɔgbe alo na nu le mia ɖokui si alo le ŋkekenyuie ɖum hehe, yewoatsɔ nyi alo alé asa dzovɔ na Yehowa, eɖanye numevɔ alo akpedavɔ o, bena wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa la,


hekpe de Yehowa ƒe dzudzɔgbewo, miaƒe nunanawo, miaƒe adzɔgbeɖeɖewo katã kple nusiwo katã miana le mia dokui si hena Yehowa la ŋuti.


Ne miesa kafukafuvɔ na Yehowa la, miwɔe ale be, wòadze eŋu.


Nenye ɖokuiwò si nèbe, yeana nu le la, ekema èkpɔ mɔ ana nyi alo alẽ, si ŋutinua ɖe didi gbɔ me alo to ɖe me; ke nenye adzɔgbee neɖe la, womaxɔe o.


Eye Israel-viwo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, amesiwo lɔ kple dzi faa la, tsɔ nunanawo vɛ na Yehowa, bena woatsɔ awɔ dɔ, si Yehowa de se na Mose, be wòawɔ la.


Egbea metso akpedavɔsa xe nye adzɔgbedete ɖe ɖokuinye nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite