Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 6:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Ŋutsu sia ŋutsu, si nye nunɔla la, kpɔ mɔ aɖui, elabena nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 Via ŋutsu si axɔ ɖe eteƒe abe nunɔla si wosi ami na ene la atrɔ asi le eŋu. Enye Yehowa tɔ ɣe sia ɣi, eye woatɔ dzoe wòafia keŋkeŋ.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 6:22
13 Referans Kwoze  

Eye ame mawo dome geɖeawo zu nunɔlawo, le esi ku gbe bena, woagatsi agbe o la ta;


Ke Yehowa ɖi be, yeatsɔ dɔléle agbãe gudugudu; ne etso eɖokui wo fɔɖivɔsae la, akpɔ dzidzimeviwo, anɔ agbe didie, eye Yehowa ƒe tameɖoɖo adze edzi to eƒe asi dzi.


Eye Israel-viwo ho tso Beerot-Bene-Yaakan heva Mosera, afisi Aron ku ɖo, eye woɖii ɖe afima, eye via Eleazar zu nunɔla ɖe eteƒe.


Ke etsɔ tsi kpala dɔmenuawo kple afɔawo, eye Mose tɔ dzo agbo blibo la le vɔsamlekpui dzi. Numevɔsa, si nena lilili la wònye, dzovɔsa wònye na Yehowa, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


Ne nunɔla, si wòsi ami na, da vo hehe vɔ̃ va dukɔ la dzi la, ekema woatsɔ nyitsu ɖagbea ɖe, si so blibo asa nuvɔ̃ŋutivɔ na Yehowa ɖe nuvɔ̃, si wòwɔ la ta.


Ɖoɖo mavɔ wòanye na miaƒe dzidzimeviwo le mia nɔƒewo katã. Miekpɔ mɔ aɖu lã ƒe ami alo ʋua ɖeke o.


Ne woɖae le ze me la, ekema woagbã ze la, ke nenye gaze me woɖae le la, ekema woaklɔe, eye woakpalae kple tsi.


Gake womekpɔ mɔ aɖu nuvɔ̃ŋutivɔsalã, si ƒe ʋu wotsɔ yi Mawu ƒe agbadɔ me, be woatsɔ alé avui le kɔkɔeƒea me la, ƒe lã o, boŋ woatɔ dzoe.


Eye wòatsɔ eƒe asi aɖo gbɔ̃tsu la ƒe tame, eye woawui ɖe afisi wowua numevɔsalã le le Yehowa ƒe ŋku me, elabena nuvɔ̃ŋutivɔsae.


Womatsɔ amɔwɔ ʋaʋã aƒoe o, elabena nye dzovɔsa me meɖee le na wo, nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye abe nuvɔ̃ŋutivɔsa kple fɔɖiŋutivɔsa ene.


Aron viŋutsuwo katã kpɔ mɔ aɖui. Ɖoɖo mavɔ wònye le Yehowa ƒe dzovɔsa la ŋu hena miaƒe dzidzimeviwo. Amesiame, si aka asi eŋu la, azu kɔkɔe.


Nye dukɔ ƒe nuvɔ̃wo nye nuɖuɖu na wo, eye dɔ le wo wum ɖe woƒe vodada ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite