Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 6:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Tsɔ ami blui, eye natɔe le agba me, emegbe naflii, hafi atsɔ asa nuɖuvɔ lae, bena wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 “Se siwo le nuɖuvɔsa ŋu la woe nye: ‘Aron ƒe viŋutsuwo atsi tsitre ɖe vɔsamlekpui la ŋgɔ, eye woasa vɔ la le Yehowa ŋkume.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 6:14
12 Referans Kwoze  

ekema amesi na nua Yehowa la, natsɔ wɔ memee, efa ƒe ewoliawo ɖeka, si wotsɔ ami hin ƒe eneliawo ɖeka dza bae la, awɔ nuɖuvɔsae.


Yesu gblɔ na wo bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Menye Mose ye na abolo, si tso dziƒo la mi o, ke boŋ Fofonyee na abolo vavã mi tso dziƒo.


ekema natsɔ wɔ memee efa ƒe ewoliawo etɔ̃, si wotsɔ ami hin afã dzabae la, akpe ɖe nyivi la ŋu,


Ke natsɔ wɔ memee efa ƒe ewoliawo eve, si wotsɔ ami hin ƒe etɔ̃liawo ɖeka dzabae la, awɔ nuɖuvɔsa akpe ɖe agbo ɖeka ŋu,


Esia enye vɔ, si Aron kple viaŋutsuwo asa na Yehowa le gbesigbe wòsi ami nɛ: Wɔ memee eta ƒe mamã ewoliawo ɖeka woatsɔ asa nuɖuvɔe gbesiagbe; woatsɔ wɔ la ƒe afã asa vɔe le ŋdi, eye afã le fiẽ.


Eye nunɔla, si teƒe wole ami sim na viaŋutsuwo dometɔ ɖeka ɖo la, nawɔ nusiawo; ɖoɖo mavɔ wòanye, eye woatɔ dzo wo bliboe na Yehowa.


Eye Mose gblɔ na Aron kple Eleazar kpakple Itamar, viaŋutsu, siwo susɔ ɖi bena: Mitso nuɖuvɔsa, si susɔ tso Yehowa ƒe dzovɔsa me la, eye miaɖui maʋamaʋãe le vɔsamlekpui la gbɔ, elabena nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wonye.


Ke woatso tsi akpala eƒe domenuwo kple eƒe afɔwo, eye nunɔla Aron nata dzo wo katã le vɔsamlekpui la dzi, elabena numevɔsae dzovɔsa, si ʋẽna lilili ɖe Yehowa wònye.


Eye woatso tsi akpala eƒe dɔmenuwo kple eƒe afɔwo, eye nunɔla natsɔ wo katã asa vɔe, eye woata dzo wo le vɔsamlekpui la dzi; elabena numevɔsae, dzovɔsa si nena lilili de Yehowa wònye.


Eyome wòafe eƒe aʋalawo, gake womaɖe le enu o, eye nunɔla nata dzoe le nake, siwo te wodo dzo ɖo le vɔsamlekpuia dzi la dzi, elabena numevɔsae, dzovɔsa, si ʋẽna lilili ɖe Yehowa wònye.


Wotsɔ nusiwo wotɔna le agba me la, de Matitya si ɖikaa, etso Lewi-viwo dome, eye wònye Korax vi Salum ƒe ŋgɔgbevi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite