Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 6:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Esia enye vɔ, si Aron kple viaŋutsuwo asa na Yehowa le gbesigbe wòsi ami nɛ: Wɔ memee eta ƒe mamã ewoliawo ɖeka woatsɔ asa nuɖuvɔe gbesiagbe; woatsɔ wɔ la ƒe afã asa vɔe le ŋdi, eye afã le fiẽ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Ele be dzo nanɔ bibim le vɔsamlekpui la dzi madzudzɔmadzudzɔe. Mele be wòatsi gbeɖe o.’ ”

Gade chapit la Kopi




3 Mose 6:13
9 Referans Kwoze  

Ke Aron kple viaŋutsu wo naɖu mamlea, nu maʋamaʋã wòanye woaɖu le teƒe kɔkɔe la; Mawu ƒe agbadɔ la ƒe kpɔ me woaɖui le.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose gblɔ bena:


Tsɔ ami blui, eye natɔe le agba me, emegbe naflii, hafi atsɔ asa nuɖuvɔ lae, bena wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa.


eye xɔvi, si trɔ ŋgɔ dze anyiehe gome la, enye nunɔla, siwo le dɔ wɔm le vɔsamlekpuia ŋu la tɔ; woawo nye Zadok-viwo tso Lewi-viwo dome, amesiwo kpɔ mɔ ate ɖe Yehowa ŋu asubɔe.


Eye nusi nawɔ na wo, be nawɔ wo kɔkɔe, ne woazu nunɔlawo asubɔm la, enye si: Lé nyitsu ɖagbee ɖeka kple agbo eve, siwo sɔ blibo,


eye natsɔ wɔ memee aƒo abolo maʋamaʋà kple aboŋgo maʋamaʋã, eye natɔ tatali maʋamaʋã akɔ ami ɖe dzi.


Eye natsɔ dzomi hin eneliawo ɖeka adzaba wɔ memee efa ewoliawo ɖeka, eye natsɔ wein hin eneliawo ɖeka hena nunovɔsa akpe ɖe alẽvi ɖeka la ŋu.


Eye dzo tso Yehowa gbɔ fiã numevɔsalã kple amiawo le vɔsamlekpui la dzi. Dukɔ blibo la kpɔe, eye wotso aseye hetsyɔ mo anyi.


eƒe agakpe ate ɖa le vɔvɔ̃ ta, eye aflaga ana dzidzi naƒo eƒe amegãwo; Yehowa, amesi ƒe dzo le Zion, eye eƒe mlekpui le Yerusalem lae gblɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite