Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 5:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Emegbe wòahlẽ nuvɔ̃ŋutivɔsalã la ƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ŋu, ke wòaɖuɖu ʋu mamlea ɖe vɔsamlekpui la te, elabena nuvɔ̃ŋutivɔsae.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Nunɔla la ahlẽ ʋua ƒe ɖe ɖe vɔsamlekpui la ƒe axawo dzi, eye wòakɔ ʋua mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te. Esiae nye nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 5:9
12 Referans Kwoze  

Emegbe nunɔla la natsɔ eƒe asi asisi nuvɔ̃ŋutivɔsalã ƒe ʋu la ƒe ɖe ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋuti, ke wòatsɔ ʋu mamlea katã akɔ ɖe numevɔsamlekpui la te.


Emegbe nunɔla la natsɔ eƒe asi asisi eƒe nu la ƒe ɖe ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, ke wòatsɔ ʋu mamlea katã akɔ ɖe vɔsamlekpui la te.


Emegbe woatsɔ ʋu la asisi ɖe vɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔ la me le Yehowa ƒe ŋku me la, ƒe dzowo ŋu; ke wòatsɔ ʋu mamlea katã akɔ ɖe numevɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔa nu la te.


Emegbe nunɔla la natsɔ ʋu la asisi ɖe vɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔ la me, si dzi wotsɔa atike ʋeʋẽewo doa dzudzɔe ɖo la, fe dzowo ŋuti le Yehowa ƒe ŋku me ke wòatsɔ nyitsu la ƒe ʋu mamlea akɔ ɖe vɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔ nu la te.


Emegbe nunɔla natsɔ eƒe asi asisi nuvɔ̃ŋutivɔsalã ƒe ʋu la ƒe ɖe ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, ke woatsɔ ʋu mamlea akɔ ɖe numevɔsamlekpui la te.


kple Yesu, si nye nubabla yeye la ƒe avuléla kple ʋuhehlẽ, si ƒoa nu nyuie wu Abel to la, gbɔ míete va.


Elabena amesi ta nuwo katã ti ɖo, amesi me nuwo katã to va, amesi kplɔ vi geɖewo yi ɖe ŋutikɔkɔe me la, edzee bena, woawɔ wo xɔxɔ ƒe fia la blibo to fukpekpewo me.


Edze Yehowa ŋu be, wòaɖe gãnyenye kple ŋutikɔkɔe se la ŋu lé eƒe dzɔdzɔenyenye ta;


Woawu fɔɖivɔsalã ɖe afisi wowua numevɔsalã ɖo, eye woatsɔ eƒe nu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo ava kpe.


Eye nunɔla natsɔe ava vɔsamlekpui la gbɔ, eye wòatro kɔ le enu; eyome woatɔ dzo ta la le vɔsamlekpui la dzi, eye wòadudu eƒe ʋu de vɔsamlekpui la ŋu.


Eye wòawu nyivi la le Yehowa ƒe ŋku me, eye Aron viŋutsu, siwo nye nunɔlawo la, natsɔ ʋu la ahlẽ ɖe vɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔ nu la ŋu godoo ava kpe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite