Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 5:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Alo ne amea ɖe de asi nu makɔmakɔa ɖe ŋu, eɖanye gbemelã, aƒemelã alo nutata makɔmakɔa ɖe ƒe kuku ŋu o, eye menyae o la, ekema egblẽ ko ɖo, eye wòɖi fɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 “ ‘Alo ne ame aɖe ka asi nu makɔmakɔ aɖe ŋu abe lã maɖumaɖua aɖe ƒe kukua ŋu, alo gbemelã alo aƒemelã alo nutata siwo ŋuti mekɔ o ene ŋu la, ewɔ nu vɔ̃, ne eya ŋutɔ menya be yeka asi nu makɔmakɔ ŋu o hã.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 5:2
16 Referans Kwoze  

Ne amea ɖe da ƒu le Yehowa ƒe seawo dometɔ ɖeka me, eye menyae o la, eda vo, eye fɔɖiɖi la le edzi.


kpakple ha, elabena eƒe afɔkli me fe, gake medzɔa nu ɖuna o; ŋunyɔnu wònye na mi. Migaɖu woƒe lã o, eye migaɖe asi woƒe kukua ŋu o.


Eye Xagai gblɔ bena: Ne amea ɖe gblẽ kɔ ɖo na eɖokui ɖe ame kuku ŋu, eye wòka, asi nusiawo katã ŋu la, ɖe woawo hã azu nu makɔmakɔa? Nunɔlawo ɖo ŋu gblɔ bena: Woazu nu makɔmakɔ.


Ŋunyɔnu woanye na mi, migaɖu woƒe lã o, eye woƒe kukua nanyɔ ŋu na mi.


Eyaŋuti mido go le wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa, Aƒetɔ la gblɔe, eye migaka asi nu makɔmakɔ ŋuti o, eye nye la maxɔ mi,


Baba na mi! Elabena miele abe yɔdo, siwo mele dzedzem o ene, eye amesiwo le wo dzi zɔm la, womenyɛ o.


Midzo, midzo, miʋu tso afima! Migaka asi nu makɔmakɔa ɖeke ŋu o! Miʋu tso wo dome; mi Yehowa ƒe nutsɔlawo, mikɔ mia ɖokui ŋu!


Woawo wotsɔ fia mɔnu wò dɔla hã; fetu gã le wo me lelé ɖe asi me.


Ne amea ɖe de asi nu makɔmakɔa ɖe ŋu, eɖanye amea ɖe ƒe nu makɔmakɔ, lã makɔmakɔ alo ŋunyɔnu makɔmakɔa ɖe ŋu o, eye woɖu akpedavɔsa, si nye Yehowa tɔ ƒe ɖe la, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome.


Alo ne atam ge le amea ɖe nu, eɖanye vɔ̃ alo nyui dzi wòka atam la ɖo be, yeawɔ o, eye menyae o, emegbe wòdze sii la, ekema eɖi nu siawo dometɔ ɖeka ƒe fɔ.


Ne Israel-ha blibo la da ƒu, eye dukɔ la ƒe ŋku dzo le Yehowa ƒe seawo dometɔ ɖeka dzi, eye wowɔ nusi ŋu se le na wo,


Ne ede asi amea ɖe ƒe nu makɔmakɔa; ɖe, si na be, ame la gblẽ kɔ ɖo ŋu, eye menyae o, emegbe wòdzesii la, ekema eɖi fɔ.


Migaɖu woƒe lã o, eye migade asi woƒe kuku hã ŋu o, elabena nu makɔmakɔwo woanye na mi.


Ne amesi ŋu mekɔ o, de asi nua ɖe ŋu la, eŋu mekɔ o, eye ne amea ɖe ɖe asi amea ŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite