Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 5:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eye wòatsɔ agbo, si so blibo, eye wòdze na fɔɖiŋuvɔsa la, ava nunɔla gbɔ, eye nunɔla la nalé avu ne le eƒe ŋu, si wòɖe ɖi, eye menyae o la ta, eye woatsɔe akee.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Ele be wòatsɔ agbo ɖeka si de blibo, eye asixɔxɔ si dze la le eŋu la tso eƒe alẽwo dome vɛ na nunɔla la abe eƒe fɔɖivɔsa ene. Ale nunɔla la alé avu ɖe enu ɖe nu vɔ̃ si meɖo wɔ o la ta, eye woatsɔe akee.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 5:18
10 Referans Kwoze  

Eye woawo nyitsu la, abe alesi wòwɔa nuvɔ̃ŋutivɔsa-nyitsu lae ene. Ale nunɔla la ale avu na wo, eye woatsɔe ake wo.


Eye woatso eƒe asi aɖo numevɔsalã la ƒe tame, ekema ana wòadze eŋu, eye wòalé avui.


Ne amea ɖe da ƒu le Yehowa ƒe seawo dometɔ ɖeka me, eye menyae o la, eda vo, eye fɔɖiɖi la le edzi.


Fɔɖiŋuvɔsae, Yehowa ŋue wòɖi fɔ la le.


Nunɔla nalé alẽvi ɖeka akpe ɖe ami trevi ɖeka la ŋu asa fɔɖivɔe, eye wòanyè wo le Yehowa ŋku me.


ne ha blibo la ɖe ŋu ɖi da ƒu la, ekema ha blibo la nana nyitsuvi ɖeka, bena woasa numevɔ, si aʋẽ lilili ɖe Yehowa lae, eye woawɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ɖe ɖoɖo la nu; eye woana gbɔ̃tsu ɖeka, woawɔ nuvɔ̃vɔsae.


Nenye nyi wotso be, yeame numevɔsae la, ekema wòanye atsu, si so blibo, eye wòakplɔe ava Mawu ƒe agbadɔ la nu, be ame la nadze Yehowa ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite