Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 5:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Ne amea ɖe meɖi anukware o, eye wòɖe ŋu ɖi ɖa vo le Yehowa ƒe nu kɔkɔeawo me la, ekema wòatsɔ agbo, si sɔ blibo, eye nèbu be, anɔ klosalo sekel kɔkɔe eve la, asa fɔɖiŋuvɔ na Yehowa.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 “Ne ame aɖe gblẽ kɔ ɖo, eye wòwɔ nu vɔ̃ le manyamanya me, ku ɖe Yehowa ƒe nu kɔkɔewo dometɔ aɖe ŋu la, abe tohehe ene la, alé agbo ɖeka le lãhawo dome vɛ na Yehowa, esi ŋuti kpɔtsɔtsɔ mele o la, eye eƒe home sɔ kple klosalo si wòle be wòana le Kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu. Enye fɔɖivɔsa na Yehowa.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 5:15
33 Referans Kwoze  

Amesiwo woxlẽ la dome ɖesiaɖe nadzɔ sekel kɔkɔe atãafã. Gera blave enye sekel kɔkɔe ɖeka. Sekel afãafã wòadze na Yehowa.


Ƒo nu kple Israel-viwo be: Ne amea ɖe ɖe ŋu ɖi ɖa Yehowa ƒe seawo dometɔ ɖeka dzi, eye wòwɔ nusi ŋu se le na wo la.


eye woɖo be, yewoaɖe asi le yewo siawo bu, eye yewoana agbo ɖeka woawɔ fɔɖivɔsa de yewoƒe fɔɖiɖi la ta.


Ŋutsu sia ŋutsu, si nye nunɔla la, kpɔ mɔ aɖui le teƒe kɔkɔe la, elabena nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye.


Esia nye fɔɖivɔsa ŋu se: Nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye.


Dzo nanɔ bibim le vɔsamlekpui la dzi ɖaa, eye womatsii o.


Negbe wò nu nana kɔkɔewo kple wò adzɔgbeɖevɔsawo ko natsɔ ava teƒe, si Yehowa atia lae,


Ke ne ƒometɔ kekeake mele ame la si, amesi wòaxe fe la na o la, ekema fe, si wòxe la, zu Yehowa tɔ hena nunɔla, hekpe ɖe agbo, si woatsɔ alé avu nɛ la ŋuti.


Eye wòatsɔ agbo, si so blibo, eye wòdze na fɔɖiŋuvɔsa la, ava nunɔla gbɔ, eye nunɔla la nalé avu ne le eƒe ŋu, si wòɖe ɖi, eye menyae o la ta, eye woatsɔe akee.


Eye wòaɖo nu kɔkɔe, si me wòda vo le la teƒe, emegbe wòatsɔ nu la ƒe etɔ̃liawo ɖeka akpee; wòatsɔ wo ava nunɔla gbɔe, eye nunɔla la natsɔ fɔɖiŋuvɔsagbo la alé avu nɛ, eye woatsɔe akee.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena:


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


ne ha blibo la ɖe ŋu ɖi da ƒu la, ekema ha blibo la nana nyitsuvi ɖeka, bena woasa numevɔ, si aʋẽ lilili ɖe Yehowa lae, eye woawɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ɖe ɖoɖo la nu; eye woana gbɔ̃tsu ɖeka, woawɔ nuvɔ̃vɔsae.


Tete woɖo ŋu bena: Ne miehe, yewoaɖo Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la ɖa la, ekema migaɖoe ɖa ƒuƒlu o; ke boŋ mitsɔ avulénu kpe ɖe eŋu! Ekema miaƒe lãme asẽ, eye ne eƒe asi madzo le mia ŋu o hã, mianya.


Eye womebu akɔnta kple amesiwo si wode ga lae, be woatsɔ na dɔnunɔlawo o, elabena wo wɔe le anukware me.


Nenye nyi wotso be, yeame numevɔsae la, ekema wòanye atsu, si so blibo, eye wòakplɔe ava Mawu ƒe agbadɔ la nu, be ame la nadze Yehowa ŋu.


Nenye alẽ alo gbɔ̃ wòbe, yeatsɔ amè numevɔsae la, ekema woatso atsu, si so blibo, asa vɔ lae.


Nunɔla nalé alẽvi ɖeka akpe ɖe ami trevi ɖeka la ŋu asa fɔɖivɔe, eye wòanyè wo le Yehowa ŋku me.


Ale nado asi lae enye si: Ne ame la nye ŋutsu le ƒe blave kple ƒe blaade dome la, ekema asi la nanye klosalo sekel kokoe blaatɔ̃;


Kplɔ̃ eve le agbo la ƒe akpata ƒe go si me, eye eve le go keme me, woawo dzi wowua numevɔsalã, nuvɔ̃vɔsalã kple fɔɖivɔsalã le.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite