Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 4:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ne nunɔla, si wòsi ami na, da vo hehe vɔ̃ va dukɔ la dzi la, ekema woatsɔ nyitsu ɖagbea ɖe, si so blibo asa nuvɔ̃ŋutivɔ na Yehowa ɖe nuvɔ̃, si wòwɔ la ta.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 “ ‘Ne nunɔla aɖe wɔ nu vɔ̃ le ŋuɖeɖi me, eye wòto esia me he fɔɖiɖi va ameawo dzi la, ele nɛ be wòatsɔ nyitsuvi fɛ̃ si de blibo la asa nu vɔ̃ ŋuti vɔsa na Yehowa.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 4:3
32 Referans Kwoze  

Elabena amesi menya nuvɔ̃a ɖeke o la, ewɔe ne wòanye nuvɔ̃ ɖe mia teƒe, bene míawo la míazu Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye le eyama me.


eye wògblɔ na Aron bena: Lé nyitsuvi woawo nuvɔ̃vɔsae kple agbo woawɔ numevɔsa; woa kple eve la nasɔ blibo, eye nakplɔ wo ava Yehowa ƒe ŋku me.


emegbe wodze si nuvɔ̃, si wowɔ la, ekema ha la natsɔ nyitsu ɖagbea ɖe asa nuvɔ̃vɔe, eye woakplɔe ava Mawu ƒe agbadɔ la ŋgɔ.


eye esia ta wòle nɛ bena, abe alesi wòsa vɔ ɖe dukɔ ta ene la, nenema ke wòasa vɔ ɖe ye ŋutɔ ɖokui hã ta le nuvɔ̃wo ŋuti.


Eye amesiwo gbɔ tso aboyo me, siwo nye aboyomewo la, sa numevɔ na Israel ƒe Mawu la, nyitsu wuieve ɖe Israel blibo la nu, agbo blaasieke vɔ ade, alẽvi blaadre vɔ adre kple gbɔ̃tsu wuieve woawɔ nuvɔ̃vɔsae, wo katã wotsɔ sa numevɔ na Yehowa.


Elabena nusi se la mete ŋu wo o, esime wògbɔdzɔ to ŋutilã me la, Mawu wɔe, eye wòdo ye ŋutɔ Via ɖo ɖa le nuvɔ̃ŋutilã ƒe sɔsɔ me, eye le nuvɔ̃ ŋuti wodoe ɖa ɖo, eye wobu to nuvɔ̃ la le ŋutilã me,


ekema natsɔ nyitsuvi ɖeka na nunɔla, siwo nye Lewi-viwo, amesiwo tso Zadok-viwo dome, eye wokpɔ mɔ ate ɖe ŋunye, ne woasubɔm la, be woatsɔ asa nuvɔ̃vɔe; Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Eye natsɔ ʋu, si le vɔsamlekpui dzi, kple ami awu ɖe Aron ŋutɔ kple eƒe awuawo kpakple viaŋutsuawo kple woƒe awuawo ŋu, bena eya ŋutɔ kple eƒe awuwo, viaŋutsuawo kple woƒe awuawo ŋuti nakɔ.


Ke natɔ dzo nyitsu la ƒe lã, eƒe agbalẽ kple dɔmemiwo le asaɖa la godo; elabena nuvɔ̃ ŋuti vɔsae.


Tso ami ko ɖe eƒe tame, eye nasi ami ne.


Woana nyitsuvi ɖeka, eye woatsɔ wɔ memee, si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuvɔsae akpe ɖe eŋu, eye natsɔ nyitsuvi bubu asa nuvɔ̃vɔe.


Emegbe Aron nahe eƒe nuvɔ̃vɔsanyitsu la vɛ, eye wòalé avu na eya ŋutɔ kple eƒe aƒe, eye woawu eya ŋutɔ ƒe nuvɔ̃vɔsanyitsu la,


Emegbe Aron natsɔ eya ŋutɔ ƒe nuvɔ̃vɔsanyitsu la alé avu na eya ŋutɔ kple eƒe aƒe.


Eye wòkɔ ami sisi la ƒe ɖe ɖe Aron ƒe tame hesi ami ne, be wòako eŋu.


eye wòatsɔ alẽnɔ alo gbɔ̃nɔ asa nuvɔ̃ŋutivɔe na Yehowa ɖe eƒe vo, si wòda heɖi fa la ta, eye nunɔla nale avu ne le eƒe nuvɔ̃ la ta.


Eye Aron natsɔ nuvɔ̃ ŋuti vɔsalã, si enye avulénu la, ƒe ʋu aɖe nuvɔ̃ ɖa le eƒe dzowo ŋu zi ɖeka le ƒe ɖeka me. Zi ɖeka woaɖe nuvɔ̃ ɖa le eŋu le ƒe ɖeka me, eye wòanye ɖoɖo na miaƒe dzidzimeviwo; elabena nu kɔkɔetɔ wònye na Yehowa.


eye metsɔ gbɔ̃tsu wo kple nyiviwo ƒe ʋu hã o, ke boŋ ye ŋutɔ ƒe ʋu wòtsɔ yi ɖe kɔkɔeƒe la me zi ɖeka hɔ̃ ko ɖe ɣeyiɣiawo kalẽ nu, eye wòtsɔ xɔxɔ mavɔ vɛ.


Eyome nunɔla si wòsi ami na la, naku nyitsu la ƒe nu ƒe ɖe ayi Mawu ƒe agbadɔ la me


emegbe wòdze si nuvɔ̃, si wòwɔ la, ekema wòatsɔ gbɔ̃tsu, si sɔ blibo, asa vɔe.


emegbe wòdze si nuvɔ̃, si wòwɔ la, ekema wòatsɔ gbɔ, si sɔ blibo, asa vɔe ɖe eƒe nuvɔ̃, si wòwɔ la ta.


Ke woawo tsyɔ mo anyi hegblɔ bena: Oo, Mawu, si nye agbegbɔgbɔ, si le ŋutilãwo katã me la, ƒe Mawu! Esi ame ɖeka wɔ nuvɔ̃ la, eye nèle dɔmedzoe dom ɖe ha blibo la ŋua?


Eye wokplɔ nyitsu adre, agbo adre, alẽvi adre kple gbɔ̃tsu adre vɛ, be woanye nuvɔ̃vɔsa ɖe fiaɖuƒe la kple kɔkɔeƒe la kpakple Yuda ta. Eye wòde se na Aron viwo, amesiwo nye nunɔlawo, be woasa vɔ le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi.


Nenye nyi wotso be, yeame numevɔsae la, ekema wòanye atsu, si so blibo, eye wòakplɔe ava Mawu ƒe agbadɔ la nu, be ame la nadze Yehowa ŋu.


Nenye alẽ alo gbɔ̃ wòbe, yeatsɔ amè numevɔsae la, ekema woatso atsu, si so blibo, asa vɔ lae.


Gblɔ na Aron kple viaŋutsuwo be: Esia enye nuvɔ̃ŋutivɔsa ŋu se: Woawu nuvɔ̃ŋutivɔsalã ɖe afisi wowua numevɔsalã ɖo, le Yehowa ƒe ŋku me; elabena nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye.


Eye nagblɔ na Israel-viwo bena: Milé gbɔ̃tsu woawo nuvɔ̃vɔsae, nyivi kple alẽvi, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, eye wosɔ blibo la, woawo numevɔsae,


Nusiwo Aron natsɔ ava kɔkɔeƒe la, wonye: Nyitsu ɖagbee ɖeka woawɔ nuvɔ̃vɔsae kple agbo ɖeka woawɔ numevɔsae.


Eye woaxɔ gbɔ̃tsu eve le Israel-viwo ƒe ha la si awɔ nuvɔ̃vɔsae kple agbo ɖeka awɔ numevɔsae.


Kplɔ̃ eve le agbo la ƒe akpata ƒe go si me, eye eve le go keme me, woawo dzi wowua numevɔsalã, nuvɔ̃vɔsalã kple fɔɖivɔsalã le.


eye gbesigbe wòyi xɔxɔnu metɔ le kɔkɔeƒe la, be yeasubɔ le kɔkɔeƒea la, nesa nuvɔ̃vɔ, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite