Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 27:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Ke amea ɖeke mekpɔ mɔ akɔ lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo ŋu na Yehowa o, eɖanye nyi alo alẽ o, Yehowa tɔ wònye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 “ ‘Ame aɖeke matsɔ nyitsu alo agbo si ʋu dɔnu na dadaa la ana Yehowa o, elabena Yehowa tɔe wònye xoxo.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 27:26
9 Referans Kwoze  

Kɔ ŋgɔgbeviwo katã ŋuti nam, nusianu, si aʋu dɔ nu na dada le Israel-viwo dome, eɖanye ame alo lã o, tɔnyee.


Kɔ wò nyi kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeawo, siwo nye atsu la ŋu na Yehowa, wò Mawu la; megana wò nyitsu, siwo nye ŋgɔgbéawo la, nawɔ dɔ na wò o, eye megako fu le wò alẽwo ƒe ŋgɔgbeawo ŋu o;


Ke womatsɔ ga axɔ nyiwo, alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe ŋgɔgbeawoe o, elabena wo ŋu kɔ; nawu woƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ŋu, eye natɔ dzo woƒe amiwo, bena woanye dzovɔsa, si aʋẽ lilili ɖe Yehowa.


Ame kɔkɔewo míenye nam. Eyata migaɖu lã, si nu lé le gbe me la o; ke boŋ mitsɔe ƒu gbe na avũwo.


Nenye lã makɔmakɔe la, ekema wòaxe fe ɖe eta, abe alesi nedo asi lae ene, eye wòatsɔ home la ƒe mamã atɔ̃liawo ɖeka aƒu dzi, ke ne mexe te ɖe eta o la, ekema wòatsɔe adzra, abe alesi nado asii ene.


Ŋgɔgbeviwo katã nye tɔnye; elabena gbesigbe mewu ŋgɔgbeviwo katã le Egipte-nyigba dzi la, mekɔ amewo kple lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo ŋu le Israel, be woanye tɔnye, nye Yehowa.


Esi anyigba le tsyɔtsyɔm la, wodze mɔ, be yewoayi Aramtɔwo ƒe asaɖa me. Eye esi wova Aramtɔwo ƒe asaɖa ƒe mlɔenu la, kpɔ ɖa, amea ɖeke mele afima o.


Woatsɔ agblemenu gbãlɔwo kple ati vovovowo ƒe tsetse ɖesiaɖe ava Yehowa ƒe aƒe la me le sia ƒe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite