Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 27:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Ne amea ɖe kɔ eƒe xɔ ŋu na Yehowa la, ekema nunɔla nado asi ɖe eƒe nyonyome alo manyomanyome ŋu, eye alesi nunɔla do asi lae la, nenema wòaxe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 “ ‘Ne ame aɖe tsɔ eƒe aƒe abe nu si ŋuti kɔ ene na Yehowa la, nunɔla la akpɔ aƒea ƒe nyonyo alo manyomanyo dzi ɖa. Ga home si ƒe asi nunɔla la ado ɖe aƒea ŋu la, nenema ko wòanɔ.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 27:14
8 Referans Kwoze  

Nusianu, si Israel-viwo tsɔ ɖe adzɔgbe ɖika la, nanye tɔwo!


ke ne agble la ŋu vo le aseyetsoƒe dzi la, ekem tɔ megale enu o, eŋu kɔ na Yehowa, eye woazu nunɔla ƒe domenyinu.


Ke ne ebe, yeagaxɔe kple ga la, ekema wòatsɔ asi, si nedo ɖe eŋu la, ƒe mamã atɔ̃liawo ɖeka aƒu dzi.


Ke ne amesi kɔ eƒe xɔ ŋu be, yeagaxɔe kple ga la, ekema wòatsɔ asi, si neɖo ɖe eŋu la, ƒe mamã atɔ̃liawo ɖeka aƒu dzi, emegbe ezu etɔ.


Ne ekɔ eƒe agble ŋu tso aseyetsoƒe dzi la, ekema alesi nado asi lae la, nenema wòaxe.


Ke ne aseyetsoƒe va yi, hafi wòkɔ eƒe agble ŋu la, ekema nunɔla nabu fe la nɛ ɖe ƒe, siwo susɔ, hafi aseyetsoƒe nagaɖo la ŋu, eye naɖe asi, si nèdo la dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite