Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 26:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Mana anyigba dzi nata, miadɔ alɔ, eye amea ɖeke maɖo voɖi na mi o; manye lã wɔadãwo ɖa le miaƒe anyigba dzi, eye yi mato miaƒe anyigba dzi ayi o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 elabena mana ŋutifafa mi. Miamlɔ anyi, adɔ alɔ̃ le dziɖeɖi me. Manya lã wɔadãwo ɖa le mia ŋgɔ.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 26:6
43 Referans Kwoze  

Dzataa ɖeke manɔ afima o, lã wɔadãa ɖeke manɔ edzi loo, alo woakpɔe le afima o, eye ale amesiwo woɖe la, woato edzi,


Israel ƒe ame mamleawo mawɔ nu gbegblẽ o, womaka aʋatso o, eye alakpaɖe manɔ nu me na wo o; ke hoŋ woaɖu nu, eye woatsyɔ akɔ anyi ɖl, amea ɖeke maɖo voɖl na wo o.


eya, amesi na wò liƒowo ŋu fa, eye wòtsɔ lu ʋaʋã ɖi ƒoe na wò.


Yehowa be: Eyata nye ɖɔla Yakob, megavɔ̃ o, Israel, dzi megaɖe le ƒowò o; elabena maɖe wò tso didiƒe kple wò ƒome tso anyigba, si dzi woɖe aboyoe yi la dzi; Yakob agatrɔ agbɔ, eye wòagbɔ ɖe eme bɔkɔɔ, amea ɖeke mado voɖi nɛ o.


Xɔ megbetɔ ƒe atsyɔ asu gbɔ wu gbãtɔ tɔ, Yehowa Zebaot ye gblɔe! Eye made ŋutifafa teƒe sia, Yehowa Zebaot ye gblɔe!


Ale Yehowa gblɔ esi: Le ɣemaɣi la ãyɔm he „srɔ̃nye“, nye mãgayɔm be „nye Baal“ azɔ la.


Mabia ŋutifafa ƒe nu kpli wo, eye matsrɔ̃ lã vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, ne woanɔ gbegbe aɖe dzi ɖi, eye woatsi avewo me adɔ.


Yehowa atsɔ ŋusẽ na eƒe dukɔ; Yehowa atsɔ ŋutifafa ayra eƒe dukɔ!


Ne meɖo lã wɔadãwo ɖe anyigba dzi, be woaɖe ame le edzi, eye woazu gbegbe, be amea ɖeke magato edzi ayi o le lãwo ta,


Amlɔ anyi, eye amea ɖeke maɖo vodi na wò o, eye ame geɖewo akɔ mo ɖe ŋuwò.


Gake nyemanyẽ wo katã le dowòme le ƒe ɖeka me o, bena anyigba la magato gbe, eye lã wɔadãwo nadzi ɖe dzi anɔ fu ɖem na wò o.


Ŋutifafa gblẽm mele ɖi na mi; nye ŋutifafa tsɔm mele na mi; menye alesi xexeame nana la, nye la mele mia nam o. Miaƒe dzi nagaʋuʋu nyanyanya o, eye dzika hã nagatso mia ƒo o!


Matsrɔ̃ tasiaɖam ɖa le Efrayim kple sɔwo ɖa le Yerusalem, aʋadatiwo atsrɔ̃, eye wòaɖe gbe ƒã ŋutifafa le dukɔwo dome; eƒe fiaɖuƒe atso atsiaƒu nu ayi atsiaƒu nu, eye tso tɔsisi la nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke.


Eye wo dome amesiame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ; elabena Yehowa Zehaotƒe nue gblɔe,


Alo ne meɖo yi ɖe anyigba ma dzi hegblɔ be: Vi, to anyigba dzi yi, eye mebe, matsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo le edzi,


Mahe dɔwuame kple lã wɔadãwo ava mia dzi, ne woaɖe vi le ŋuwò, dɔvɔ̃ kple ʋukɔkɔɖeanyi ava ƒo ɖe dziwò, eye mana yi nava dziwò; nye Yehowa ye gblɔe.


Yehowa, na míakpɔ wò amenuveve, eye na wò xɔname mi!


Ede dzidzɔ nye dzi me wu wo le ɣeyiɣi, si me bli kple wein bɔ ɖe wo si.


Kpɔ ɖa, wole ŋutsuvia ɖe dzi ge na wò, amesi anye ŋutifafame, eye mana gbɔdzɔe le eƒe futɔwo katã si me godoo, elabena Salomo anye eƒe ŋkɔ, eye mana ŋutifafa kple gbɔɖeme Israel le eƒe agbe me ŋkekewo katã me.


Eye esi wònyè kɔ kpɔ wo la, eƒo fi de wo le Yehowa ƒe ŋkɔ me; tete sisiblisi eve do tso ave me va vuvu ɖevi blane vɔ eve le wo dome.


Azɔ la esi wotso afia na mí tso xɔse me la, ŋutifafa le mia kple Mawu dome to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi,


Ke gbesigbe Herodes le eɖe ge ɖe go afia ƒe zã me la, Petro le alɔ̃ dɔm hele babla kple kɔsɔkɔsɔ eve le asrafo eve dome, eye dzɔlawo le ʋɔtrua nu hele gaxɔ la ŋuti dzɔm.


Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Ke ne meɖo yi, dɔwuame, lã wɔadã kple dɔvɔ̃, siwo nye nye tohenu vɔ̃ɖi eneawo ɖa ɖe Yerusalem ŋu, be matsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo le eme la,


Esia ta menvɔ ɖo, eye mekpɔ be, nye alɔ̃ la vivi nam.


nye amesi ɖo kekeli, eye mewɔ viviti, nye amesi wɔ dzɔgbenyuie, eye mehe dzɔgbevɔ̃e vɛ. Nye Yehowa ye wɔ nusiawo katã!


Aƒetɔ la gblɔ nya ɖo ɖe Yakob, eye wòva ƒo ɖe Israel dzi,


Metso gbenye yɔ Yehowa, eye wòtɔ nam tso eƒe to kɔkɔe ta dze. Sela.


Ne èle azɔli dzi la, akplɔ wò, ne èmlɔ anyi la, adzɔ ŋuwò, eye ne ènyɔ la, aɖo dze kpli wò.


Ne èmlɔ anyi la, màɖi vo o, ke boŋ alɔ̃ avivi na wò.


Elabena mia kple agble me kpewo miabla nu, eye gbemelãwo adze xɔlɔ̃ kpli wò.


Maɖo lã wɔadãwo ɖe mia dome; eye woaɖe viwo le mia ŋu, eye woatsrɔ̃ miaƒe aƒemelãwo; miaƒe xexlẽme azu sue, eye miaƒe mowo ato gbe.


Mianya miaƒe futɔwo, eye woatsi miaƒe yi nu.


Maɖo yi de mia dome, bena woabia hiã de nubabla la ta, eye ne miesi aʋa yi de miaƒe duwo me la, ekema maɖo dɔvɔ̃ ɖe mia dome, eye matsɔ mi ade asi na miaƒe futɔwo.


Mi wo nye ɖoɖoawo kple nye seawo dzi. Ne mielé ŋku ɖe wo ŋu, eye miewɔ wo dzi la, ekema mianɔ dedie le anyigba la dzi;


anyigba la awɔ nu, eye miakpɔ nu geɖe aɖu, eye mianɔ edzi dedie.


Ale Yosafat ƒe fiaɖuƒe la ŋu fa, elabena Mawu na wokpɔ gbɔdzɔe godoo va kpe.


ne míaƒe nyiwo natsɔ agba, ne gli gbagbã kple aboyoɖeɖe meganɔ anyi o, ne nuxaxa magaɖi le míaƒe ablɔwo me o.


Ametoƒe kple mɔ tata anɔ afima, si woayɔ be „mo tata kɔkɔe.“ Ame makɔmakɔa ɖeke mato edzi o; woawo ɖeɖeko tɔ wòanye. Amesi ke to edzi la, matra mo o, keke gegemewo ke hã.


Gbemeti atse ku, anyigba awu nu, eye woano woƒe anyigba dzi aɖe dzi ɖi, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa, ne meŋe woƒe kɔkuti, eye meɖe wo tso amesiwo wonye kluvi na la si me.


Ɣemaɣi la mabla nu kple gbemelãwo, dziƒoxewo kple nusiwo tana le anyigba dzi, maŋe dati kple yi, manyã aʋa ɖa le anyigba dzi, eye mana woanɔ anyi bɔkɔɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite