Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 26:44 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

44 Ke ne wole woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi la, nyemagbe wo o, eye nyemanyɔ ŋu wo o, nyematsrɔ̃ wo keŋ o, eye nyematu nye nubabla le mia kpli wo dome o, elabena nyee nye Yehowa, woƒe Mawu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

44 Ke togbɔ be wowɔ nu siawo katã hã la, nyematsrɔ̃ wo kple nubabla si mewɔ kpli wo la ɖikaa o, elabena nyee nye Yehowa, woƒe Mawu.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 26:44
20 Referans Kwoze  

Mawu megbe eƒe dukɔ, si wonyã ɖi la o. Alo mienyã nya, si ŋɔŋlɔ la gblɔ le Eliya ŋɔli, esime wòle tsitre le Mawu ƒe ŋku me, eye wòtso Israel nu la o bena:


Ke mètsrɔ̃ wo ɖikaa o, eye mègblẽ wo ɖi o le wò nublanuikpɔkpɔ gã la nu elabena Mawu amenuvela kple nublanuikpɔla nènye.


Elabena Yehowa magbe eƒe dukɔ la o, eye magblẽ eƒe domenyinu la di o,


Gake Yehowa ve wo nu, ekpɔ woƒe nublanui, eye wòtrɔ ɖe wo ŋu le nu, si wòbia kple Abraham, Isak kple Yakob la ta, eye meɖi be, yeagblẽ wo o, eye meɖe woɖa le eƒe ŋkuta o vaseɖe fifi.


eye nenema ke woaxɔ Israel blibo la ɖe agbe, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Ɖela la atso Zion, eye wòava aɖe mawumavɔ̃mavɔ̃ ɖa tso Yakob gbɔ:


maɖo ŋu nye nu, si mebia kpli wò le wò ɖevimenɔɣi, eye mabia nu mavɔ kpli wò.


anye ne magbe Yakob kple nye dɔla Dawid ƒe ƒome, ale be nyemaɖe dziɖula tso eƒe ƒome aɖo Abraham, Isak kple Yakob ƒe ƒome la nu o. Elabena megale wo ɖo ge te, eye makpɔ nublanui na wo.


Yehowa be: Meli kpli wò, ne maɖe wò; matsrɔ̃ dukɔ, siwo katã dome mekaka wò ɖo la, ke nyematsrɔ̃ wò ya o; nyemagblẽ wò ɖi tomahemahee o, ke boŋ mahe to na wò ɖe ɖoɖo nu.


Megagbe mí o, le wò ŋkɔ la ta, megaɖi gbɔ wò ŋutikɔkɔe ƒe fiazikpui la o; ɖo ŋui, eye megatu wò nu, si nèbla kpli mi la o.


ekema matsɔ ameƒoti ava kpɔ woƒe dzidada ɖae, kple fuɖename ava kpɔ woƒe vodada ɖae.


Maɖo nye nɔƒe ɖe mia dome, eye nyemanyɔ ŋu mi o.


Eye Yehowa ƒe dɔla tso Gilgal va Boxim gblɔ bena: Mekplɔ mi tso Egipte va anyigba, si ŋu meka atam ɖo na mia fofowo gblɔ be, nyematu nye nu, si mebia kpli mi, akpɔ gbeɖe o la dzi;


Eye maɖo nye nubabla anyi le mía kpli wò kple megbewòviwo katã dome, eye wòanye nubabla mavɔ, bena manye wò ŋutɔ kple megbewòviwo ƒe Mawu tegbee.


wogbe toɖoɖo, womedo ŋku nukunu, siwo newɔ na wo la dzi o, wolia kɔ, eye woɖo tatɔ na wo ɖokui, be yewoagbugbɔ ayi yewoƒe kluvinyenye me le Egipte. Ke wò la, Mawu, si tsɔa nuvɔ̃wo kena la nènye, ènye amenuvela kple nublanuikpɔla, ènye ame fafa, eye wò amenuveve sɔ gbɔ, eye mègblẽ wo ɖi o.


Alesi fofo ƒe dɔme trɔna ɖe mawo ŋui la, nenema Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la ŋui.


Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Mekpɔ nyuie ɖe Yuda ƒe aboyome, siwo menya tso teƒe sia ɖo ɖe Kaldea-nyigba dzi la ŋu, abe gbotsetse nyui siawo ene.


Efrayim la, vi vevi kple vi malɔ̃nugbɔa wònye nama? Elabena ne menya ƒo nu le eŋu ko la, nye ŋku nɔa eyama dzi ɖaa; eyata nye dɔme le tɔtrɔm ɖe eŋu, makpɔ nublanui nɛ kokoko, Yehowa ye gblɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite