Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 26:37 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

37 Mialɔ mia nɔewo aƒu anyi, abe alesi wotsia yi nu ene, wònye amea ɖeke mele mia nyãm o hafi, eye mianɔ te ɖe miaƒe futɔwo nu o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

37 Ɛ̃, togbɔ be ame aɖeke mele wo nyam o hã la, woasi, anɔ wo nɔewo dzi dzem abe ame siwo le sisim le aʋagbedzi, eye womate ŋu anɔ te ɖe futɔwo nu o ene.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 26:37
12 Referans Kwoze  

Eyata Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu, eye wòtsɔ wo de asi na adzowɔlawo woda adzo wo, eye wotsɔ wo dzra na woƒe futɔ, siwo ƒo xlã wo godoo la; eye womegale ŋu nɔ te ɖe woƒe futɔwo nu o.


Elabena ne miasi Kaldeatɔwo ƒe aʋakɔ blibo, si le aʋa wɔm kpli mi la, eye abixɔlawo ko akpɔtɔ ɖe wo dome hã la, wo dome amesiame atso le eƒe agbadɔ me ato dzo du sia.


Ke boŋ ame labɔbɔ ɖe gatɔwo dome, eye wòadze anyi ɖe ame tsiaʋawo dome. Ke to esiawo katã gbɔ hã la eƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ko!


Esime ame alafa etɔ̃awo le kpẽawo kum la, Yehowa na amesiame trɔ yi nu ɖe nɔvia ŋu le asaɖa blibo la me, eye aʋakɔ la si, vaseɖe Bet-Sita ɖo ta Zereda va ke ɖe Abel-Mexola ƒe liƒo ŋu hegbɔ Tabat ŋu yi.


Migayi o, elabena Yehowa mele mia dome o, bena miaƒe futɔwo magasi mi o!


Maɖe ŋku ata mi, miaƒe futɔwo asi mí, eye miaƒe adikãtɔwo aɖu mia dzi, eye ne amea ɖeke mele mia nyãm o hã, miade afa du me.


Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, maɖo nukikli na dukɔ sia, fofowo kple viwo siaa, aƒelika kple xɔlɔ̃a woaklii, eye woatsrɔ̃.


Ena ame geɖewo kli nu, eye wodze anyi ɖe wo nɔewo dzi hegblɔ bena: Mina míagbugbɔ ayi míaƒe dukɔ gbɔ kple anyigba, si dzi wodzi mí ɖo la dzi, tso yi wuame la nu!


Sɔdolawo dze aʋa, yi le dzo dam, eye akplɔwo le dzo sim; ame tsiaʋawo teƒe mekɔ o, eye ame kukuwo sɔ gbɔ kpaŋkpaŋ, seƒe meli na ame kukuwo o, eye wodze anyi ɖe woƒe ame kukuwo dzl.


Eye Filistitɔwo ho ɖatɔ Israel, eye aʋa la keke ta. Ke Filistitɔwo si Israel, eye wowu ame akpe ene ɖe aʋagbe dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite