Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 26:34 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 Ekema anyigba la akpo gbɔdzɔe: le ɣeyiɣi, siwo katã me wònye gbegbe; ne miele miaƒe futɔwo ƒe anyigba dzi la, anyigba la ŋu avo, eye wòagbã ɖe me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

34 Ekema anyigba la akpɔ gbɔdzɔe le ɣeyiɣi siwo katã wònye gbegbe la me, esime miele miaƒe futɔwo ƒe anyigba dzi, ekema anyigba la adzudzɔ, eye wòakpɔ eƒe gbɔdzɔe.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 26:34
7 Referans Kwoze  

bena Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Yeremya nu la, nava me be: „vaseɖe esime anyigba la nagbɔ ɖe me“. Egbɔ ɖe me le eƒe aƒedoɖiɣi la katã, vaseɖe esime ƒe blaadre nu va yi.


Elabena esi wogblẽ anyigba la ɖi wòzu gbegbe la, ekpa gbɔdzɔe. Woakpɔ woƒe vodadawo tɔnua, elabena wogbe nye sewo, eye wodo vlo nye ɖoɖowo.


Miakɔ ƒe blaatɔ̃lia ŋu, eye miaɖe gbe ƒã ablɔɖe le anyigba la dzi na anyigbadzitɔwo katã; aseyetsoƒe wòanye na mi, eye amesiame nagaxɔ eƒe nuwo, eye amesiame nagagbugbɔ ayi eƒe ƒometɔwo gbe.


Agba ɖe me le ɣeyiɣi, siwo katã me wònye gbegbe, elabena tso esime miele edzi la, megbɔ de me le miaƒe dzudzɔɣiwo me alea kpo o.


Ne wowɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò, — elabena amegbetɔa ɖeke megbea nuvɔ̃wɔwɔ o — eye nèɖo dɔmedzoe ɖe wo ŋu hetsɔ wo de asi na woƒe futɔwo, eye woɖe aboyo wo yi woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi, eɖanye didiƒe alo kpuiƒe o,


Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Mieɖo tom, be mia dome amesiame naɖe gbe ƒã ablɔɖe na nɔvia kple ehavi o, eyata ale Yehowa gblɔ esi: Maɖe gbe ƒã ablɔɖe na mi hena yi, dɔvɔ̃ kple dɔwuame, eye matsɔ mi awɔ ŋɔdzidonu na anyigba dzi fiaɖuƒewo katã.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite