Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 26:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ne mielé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo ŋu, eye miedzra nye seawo ɖo hewɔ wo dzi la,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 “ ‘Ne miewɔ nye seawo katã dzi la,

Gade chapit la Kopi




3 Mose 26:3
19 Referans Kwoze  

Ne mielɔ̃, eye mieɖo to la, ekema miaɖu anyigba ƒe nu nyuitɔ.


Woayra amesiwo nyẽ woƒe awuwo, bene woana ŋusẽ wo woava agbeti la gbɔ, eye ne woato agboawo nu ayi ɖe du la me.


Ne miese se siawo, mielé wo me ɖe asi, eye miewɔ wo dzi la, ekema Yehowa, mia Mawu, awɔ nubabla kple nublanuikpɔkpɔ, si ŋu wòka atam ɖo na mia fofowo la dzi,


Ne miesubɔ Yehowa, miaƒe Mawu la, ekema ayra ɖe wò nuɖuɖu kple wò nunono dzi, eye maxe mɔ na dɔléle, be mava mia dome o.


nya, siwo mede asi na mia fofowo le gbesigbe mekplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi, tso gakpo me, gblɔ bena: Ne míese nye gbe, eye miewɔ, abe alesi mede se na mi ene la, ekema mianye nye dukɔ, eye manye miaƒe Mawu,


ke boŋ nuku ŋu afa, eye weinka atse, anyigba aʋã nu, eye dziƒo adza zãmu, eye mana nusiawo katã nazu dukɔ sia ƒe susɔea tɔ.


Mihe nuwo ƒe ewoliawo katã yi nudzraɖoƒe la, ne woanye nuɖuɖu le aƒenye me; mitsɔ esia dom kpɔ abe nyemaʋu dziƒo nu, eye nyemadudu yayra aƒo ɖe mia dzi wòagbɔ eme o ha? Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Ke le ƒe atɔ̃lia me miekpɔ mɔ aɖu woƒe tsetsewo, bena woatse ɖe dzi na mi geɖe. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!


ke ne mietrɔ de ŋunye, eye mielé nye sewo me ɖe esi hewɔ wo dzi la, nenyo be, miaƒe amesiwo woɖe aboyoe la, de wòle keke dziƒo ƒe mlɔenu ke hã la, maƒo mia nu ƒu tso afima akplɔ ava teƒe, si metia be, nye ŋkɔ nana afima.


Ana tsi nadza ɖe nuku, siwo nèƒã ɖe agble me la dzi, nuɖuɖu, tsi tso wò agble me nukuwo me la, avivi, eye woada ami; le ɣemaɣi la wò lãwo aɖu gbe le lãnyiƒe kekewo;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite