Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 26:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 ekema nye hã mado dɔmedzoe atsi tre ɖe mia ŋu, eye mahe to na mi ɖe dzi zi adre le miaƒe nuvɔ̃wo ta.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

28 ekema mana nye dɔmedzoe sesẽ la nabi ɖe mia ŋu, eye mana tohehe si dzi ŋɔ zi adre wu tsãtɔwo la nava mia dzi le miaƒe nu vɔ̃wo ta.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 26:28
16 Referans Kwoze  

Aɖo eteƒe ɖe nuwɔwɔwo nu: eƒe ketɔwo to enye dziku, teƒeɖoɖo enye eƒe futɔwo tɔ, eye wòaɖo ƒukpowo ƒe nuwɔwɔwo teƒe na wo.


Eyata nye hã mawo nu le dziku me, nye ŋku makpɔ nublanui o, eye nyemakpɔ wo ta o; eye me wodo ɣli ɖe to me nam sesĩe hã la, nyemasee na wo o.


Eye azu alɔmeɖenu kple vlodonu, nuxlɔ̃amenu kple ŋɔdzinu na dukɔ, siwo ƒo xlã wò godoo, nenye be, medrɔ̃ ʋɔnu wò le dɔmedzoe kple dziku me, eye mehe to na wò kple dziku; nye Yehowa ye gblɔe;


Eye nye dɔmedzoe abi ade eseƒe ke, nye dziku nu afa ɖe wo ŋu, eye mafa dzi na ɖokuinye, ne wòadze sii be, nye Yehowa ye ƒo nu le nye ŋuʋaʋã me, nenye be, metrɔ nye dziku blibo la ƒo ɖe wo dzi.


matso alɔ, si le dzi, kple abɔ sesẽ awɔ aʋa kpli mi le dɔmedzoe, dziku kple nyanyrã gã me;


Elabena kpɔ ɖa, Yehowa gbɔna le dzo me, eye eƒe tasiaɖamwo le abe ahom ene, ne woaɖo eteƒe le eƒe dɔmedzoe ƒe dziku me, eye wòablu le dzoƒaɖe me.


Nye ɖeɖee fanya wein kple afɔ, eye dukɔwo dometɔa ɖeke mekpe ɖe ŋunye o. Ale menyã avuzi le wo dzi le nye dɔmedzoe me, eye mefanya wo le nye dziku me, eye woƒe ʋu hlẽ ɖe nye awuwo ŋu, eye nye avɔwo katã me gblẽ.


Ameka ate ŋu anɔ te ɖe eƒe dziku nu, eye ameka ato ɖe eƒe dɔmedzoe heliheli nu? Etrɔ eƒe dziku ƒo ɖi abe dzo ene, eye agakpewo le wowom le eŋgɔ.


Mawu: ŋuʋãla kple hlɔ̃biala enye Yehowa; Yehowa biaa hlɔ̃, eye dzl kunɛ vevie; Yehowa biaa hlɔ̃ eƒe ketɔwo, eye wòléa nya ɖe dɔ me na eƒe futɔwo.


Dzi mele kuyem o; ne makpɔ aŋɔkawo kple ŋuwò la, maho aʋa ɖe wo ŋu atɔ dzo wo katã;


ekema nye hã matsi tre ɖe mia ŋu, eye magaɖe fu na mi ɖe dzi zi adre le miaƒe nuvɔ̃wo ta.


Ke ne nusiawo va tso hafi mieɖo tom o, boŋ mietsi tre ɖe ŋunye la,


eye nye hã metsi tre ɖe wo ŋu hekplɔ wo va woƒe futɔwo ƒe anyigba dzii la, me la, ne woƒe dzi masenuwo bɔbɔ, eye wokpɔ woƒe vodadawo tɔnua la,


Oo, Aƒetɔ, ɖo míaƒe aƒelikawo ƒe vlo, si wodo wò la, teƒe ɖe akɔnu na wo zi adre!


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi. Kpɔ ɖa, nye dɔmedzoe kple nye dziku atrɔ akɔ ɖe teƒe sia, amegbetɔwo kple lãwo, gbemetiwo kple anyigba dzi kutsetsewo dzi, eye woabi, womatsii o.


Yehowa wu eƒe dziku nu, eye wòtrɔ eƒe dɔmedzoe ƒo ɖe anyi, eɖo dzo ɖe Zion, eye wòfiã eƒe agunusɔtiwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite