Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 26:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Magblẽ abolo, si nye miaƒe agbe la dome, eye nyɔnu ewo aƒo abolo de kpo ɖeka me, eye woaxlẽ abolo de do nu na mi, eye miaɖui maɖi ƒo na mi o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 Magblẽ miaƒe nuɖuɖu ƒe dzɔtsoƒe me, ale be abolokpo ɖeka pɛ ame abolo na ƒome ewo. Ne mieɖu nu sue si aka mia si vɔ la, dɔ agawu mi kokoko.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 26:26
17 Referans Kwoze  

Àɖu nu, ke màɖi ƒo o, eye ɖɔ anɔ wuwòm ɖaa; ne èdzra nu ɖo la, ɖeke makpɔtɔ o, eye ne ɖe susɔ la, matsɔe ade asi na yi.


Elabena kpɔ ɖa, Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, aɖe atizɔti kple ziɔɖeŋu ɖa le Yerusalem kple Yuda, abolo ƒe xɔnamewo katã kple tsi ƒe xɔnamewo katã,


ne meda dɔwuame ƒe aŋutrɔ vɔ̃ɖiwo ɖe wo dome, ne woazu amewula, eye meda wo, be woagblẽ mi, eye meli kɔ dɔwuame ɖi na mi gleglegle, eye meŋe abolo ƒe ziɔɖeŋu na mi.


Eyɔ dɔwuame va anyigba dzi, eye wòŋe abolo ƒe ziɔɖeŋutiwo katã.


Mieƒã nu taŋtaŋ, gake nu ʋeea ɖe ko mieŋe; miedu nu, meɖi ƒo na mi o; mieno nu, meɖi kɔ na mi o; mieta avɔ, mede dzo lã me na mi o; miewɔ dɔ xɔ fetu, eye mietsɔe de kotoku ŋɔŋɔ me.


Amevi, ne anyigbae ete wo nuvɔ̃ ele ŋunye hetrɔ ʋu le yonyeme, eye medo nye asi ɖa ɖe eŋu heŋe abolo ƒe ziɔdeŋu, eye meɖo dɔwuame ɖe afima, be matsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo le edzi,


Eye wògblɔ nam be: Amevi, kpo ɖa, maŋe abolo ƒe ziɔɖeŋu le Yerusalem, eye woatso vovɔ̃ aɖu abolo ɖe dada nu, eye woatsɔ ŋɔdzi ano tsi ɖe dzidze nu;


Manase ɖu Efrayim, eye Efrayim ɖu Manase; woa kple eve la siaa wotso ɖe Yuda ŋu. Ke to esiawo katã gbɔ ha eƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ko.


Ne woɖu nu la, maɖi ƒo na wo o, eye ne wowɔ ahasi la, womadzi ɖe edzi o, elabena wodzudzɔ ŋkuléle ɖe Yehowa ŋu.


Wò gbe sia gbe nuɖuɖu ƒe dadame nanye sekel blave, eya naɖu tso ɣeyiɣi dzi ɖaseɖe bubu dzi.


Ne wotsi nu dɔ la, nyemase woƒe konyifafa o, eye ne wosa numevɔ kple nuɖuvɔ la, madze ŋunye o; boŋ matsɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ atsrɔ̃ wòe.


Ke ne nusiawo va tso hafi mieɖo tom o, boŋ mietsi tre ɖe ŋunye la,


Eye dɔ gãa ɖe to le Samaria; kpɔ da, wode to ɖee, vaseɖe esime tedzita ɖeka xɔ klosalo sekel blanyi, eye ahɔnemi kab eneliawo ɖeka xɔ klosalo sekel atɔ̃.


Elabena Weingble, si nyi eveve teƒe ewo aŋlɔ gbe ɖeka la, anye bat ɖeka, eye nuku gomer ɖeka anye eta ɖeka.


ne abolo kple tsi nahiã wo, eye ame ƒe nu naku ɖe nɔvia ŋu, eye woatsrɔ̃ ɖe woƒe vodada me.


Wole tsyo dam nu le ɖusi me, ke dɔwuame nu mefa o, wole nu ɖum le mia me, ke womeɖi ƒo o, amesiame ɖu eya ŋutɔ ƒe abɔ ƒe lã;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite