Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 26:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Maɖo lã wɔadãwo ɖe mia dome; eye woaɖe viwo le mia ŋu, eye woatsrɔ̃ miaƒe aƒemelãwo; miaƒe xexlẽme azu sue, eye miaƒe mowo ato gbe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 Maɖo lã wɔadãwo ɖa be woawu mia viwo, avuvu miaƒe aƒemelãwo, aɖe miaƒe xexlẽme dzi akpɔtɔ, ale be amewo avɔ le miaƒe mɔwo dzi.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 26:22
17 Referans Kwoze  

Ne meɖo lã wɔadãwo ɖe anyigba dzi, be woaɖe ame le edzi, eye woazu gbegbe, be amea ɖeke magato edzi ayi o le lãwo ta,


Dɔ awu wo aɖi tsi de wo ŋu, eye asrã kple dɔvɔ̃ atsrɔ̃ wo; madɔ lãwo ƒe aɖu kple nutata, siwo tana le ké me la, ƒe aɖi ɖe wo ŋu.


Le Samgar, Anat vi, ŋɔli kple Yael ŋɔli la mɔwo to gbe, eye amesiwo zɔa mɔ tatawo dzi la, to gbedzemɔwo.


Makaka wo ahlẽ ɖe dukɔ, siwo katã womenya o la ɖome, eye anyigba la atsi anyi aƒeɖoe le wo megbe, ale be amea ɖeke magato edzi ayi o; eye ale woatsɔ anyigba vevi la awɔ gbegbee.


Zion-mɔwo to gbe, elabena amea ɖeke megava ŋkekenyuieɖuƒe o. Eƒe agbowo kam esi ƒuƒlu, eye eƒe nunɔlawo le hũ ɖem. Eƒe ɖetugbiwo le ŋeŋem, eye eya ŋutɔ le veve sem.


Ametoƒe zu gbegbe, amea ɖeke megale mɔ dzi tom o. Etu nubabla la, eɖi gbɔ duwo, eye amegbetɔ menye naneke le eŋku me o.


Ke esime wova afima tete la, womeyɔ Yehowa o, eyata Yehowa kplɔ dzatawo de wo, eye wowu amewo le wo dome.


Mana anyigba dzi nata, miadɔ alɔ, eye amea ɖeke maɖo voɖi na mi o; manye lã wɔadãwo ɖa le miaƒe anyigba dzi, eye yi mato miaƒe anyigba dzi ayi o.


Eyata le mia ta woade Zion abe agble ene, Yerusalem azu glikpo, eye gbedoxɔ ƒe to azu togbɛ toave.


Mana anyigba la nazu aƒedo kple gbegbe, matsi eƒe ŋusẽ, si ŋu wòle adegbe ƒom ɖo la nu, eye Israel-towo atsi ƒeƒle, ale be amea ɖeke magato wo dzi ayi o.


Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Ke ne meɖo yi, dɔwuame, lã wɔadã kple dɔvɔ̃, siwo nye nye tohenu vɔ̃ɖi eneawo ɖa ɖe Yerusalem ŋu, be matsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo le eme la,


Mahe dɔwuame kple lã wɔadãwo ava mia dzi, ne woaɖe vi le ŋuwò, dɔvɔ̃ kple ʋukɔkɔɖeanyi ava ƒo ɖe dziwò, eye mana yi nava dziwò; nye Yehowa ye gblɔe.


Ale Yehowa gblɔ esi: Maɖo nu ene ƒomevi ɖe wo ŋu: Yi, ne wòawu wo, avũ wo, ne woahe wo dranyidranyi, dziƒoxewo kple gbemelãwo, ne woaɖu wo, eye woatsrɔ̃ wo.


Eyata fiƒode le anyigba ɖum, eye edzi nɔlawo akpɔe ɖe enu. Eyata anyigbadzitɔwo afia kolikoli, eye amegbetɔ ʋeea ɖewo kɔe asusɔ.


Le ɣemaɣi la ŋutifafaa ɖeke menɔ anyi na amesiwo doa go kple amesiwo gbɔna la o, elabena ŋɔdzi gãa ɖe va anyigba dzi nɔlawo katã dzi.


Eye esi wònyè kɔ kpɔ wo la, eƒo fi de wo le Yehowa ƒe ŋkɔ me; tete sisiblisi eve do tso ave me va vuvu ɖevi blane vɔ eve le wo dome.


gblɔ na nyagblɔɖila Yeremya bena: Míetsɔ míaƒe kokoƒoƒo bɔbɔ mía ɖokui ɖe anyi le ŋkuwò me: Ɖe kuku na Yehowa, wò Mawu la, ɖe mía ta le ame susɔeawo katã ŋuti, elabena mí ame ʋee siawoe kpɔtɔ tso ame gbogboawo dome, abe alesi wò ŋku le mía kpɔmi ene;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite