Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 26:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Maɖo nye nɔƒe ɖe mia dome, eye nyemanyɔ ŋu mi o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Manɔ mia dome; mianye ŋunyɔnu nam o.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 26:11
27 Referans Kwoze  

Eye woawɔ nɔƒe kɔkɔe nam, bena manɔ wo dome.


Eye mese gbe gãa ɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woawo hã woanye eƒe dukɔ, eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu.


Mana Israel-viwo dome, eye manye woƒe Mawu.


amesi me wotu miawo hã kpe ɖe eŋuti le, bene mianye Mawu ƒe nɔƒe le Gbɔgbɔ la me.


Tete Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe eƒe dukɔ la ŋu, eye wònyɔ ŋu eƒe ɖomeuyinu la.


Wonya Mawu le Yuda, eƒe ŋkɔ lolo le Israel;


Migawɔ dukɔ, si nyã ge mala le mia ŋgɔ la, ƒe kɔnuwo o; elabena nusiawo katã wowɔ, eyata wonyã ŋu nam.


Ke nyateƒee, Mawu anɔ anyigba dzia? Kpɔ ɖa, dziƒo kple dziƒo ƒe dziƒowo melolo na wò o, ʋuu keke xɔ sia, si metu o.


Metu xɔ, be nanɔ eme kple teƒe, si nana tegbee.


Ke ne miaƒe anyigba ŋu mekɔ o la, ekema miva Yehowa ƒe anyigba dzi, afisi Yehowa ƒe nɔƒe la le, ne miatso aƒe ɖe mía dome; ɖeko migaɖi vɔsamlekpuia ɖeke kpe ɖe Yehowa, mía Mawu ƒe vɔsamlekpui la ŋuti ahadze aglã ɖe Yehowa kple mía ŋu o!


Yehowa gbe eƒe vɔsamlekpui, eɖi gbɔ eƒe kɔkɔeƒe la, eye wòtsɔ eƒe fiasãwo ƒe gliwo ɖe asi na futɔ la; woƒe ɣli le ɖiɖim le Yehowa ƒe me abe le ŋkekenyuieɖugbe ene.


Megagbe mí o, le wò ŋkɔ la ta, megaɖi gbɔ wò ŋutikɔkɔe ƒe fiazikpui la o; ɖo ŋui, eye megatu wò nu, si nèbla kpli mi la o.


Esi Yehowa kpɔ esia la, edo dɔmedzoe, eye wogbe viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo


Metsrɔ̃ lãkplɔvi etɔ̃ ɖa le dzinu ɖeka me; woƒe nu ti kɔ nam, eye nye nu ti kɔ na woawo hã.


Mawu see, dzi kui, egbe Israel keŋkeŋ,


Eyata wole Mawu ƒe fiazikpui la ŋgɔ, eye wosubɔnɛ zã kple keli le eƒe xɔ la me, eye amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi la, anɔ wo dome.


Eye wòadze sii be, nyee nye Yehowa, woƒe Mawu, si kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi, bena manɔ wo dome, nye Yehowa!


ne mieɖe nye ɖoɖoawo ɖa, mieɖo vlo nye seawo, eye miewɔ nye seawo katã dzi o, eye mietu nye nubabla la,


Elabena esi wogblẽ anyigba la ɖi wòzu gbegbe la, ekpa gbɔdzɔe. Woakpɔ woƒe vodadawo tɔnua, elabena wogbe nye sewo, eye wodo vlo nye ɖoɖowo.


Ke ne wole woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi la, nyemagbe wo o, eye nyemanyɔ ŋu wo o, nyematsrɔ̃ wo keŋ o, eye nyematu nye nubabla le mia kpli wo dome o, elabena nyee nye Yehowa, woƒe Mawu.


Eye Pinehas, nunɔla Eleazar vi, gblɔ na Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase-vi wo bena: Egbe míedze sii bena, Yehowa le mía dome, elabena esi mieda vo ɖe Yehowa ŋu o la, eyata mieɖe Israel-viwo tso Yehowa si me.


Ŋkeke alesi menɔ Israel-viwo katã dome tsã la, ɖe megblɔ na Israel ƒe toawo dometɔa ɖe, si meɖo be, wòanyi nye dukɔ Israel la bena: Nukaŋuti mietu sedertixɔ nam oa?


Eye manɔ Israel-viwo dome, eye nyemagblẽ nye dukɔ Israel ɖi o.


Eye miadze si be, mele Israel dome, nyee nye Yehowa, mia Mawu la, ɖeke mekpe ɖe ŋunye o; eye ŋu magakpe nye dukɔ akpɔ gbeɖe o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite