Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 26:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Migawɔ legba na mia ɖokui o, migawɔ aklama kpakpɛ alo aƒeli na mia ɖokui o, eye migatsɔ kpe kpa nɔnɔme aɖo miaƒe anyigba dzi, be miaɖe ta agu nɛ o; elabena nyee nye Yehowa, mia Mawu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 “ ‘Legba aɖeke meganɔ mia si o. Migasubɔ aklamakpakpɛwo, aƒeliwo alo kpe kpakpɛwo gbeɖegbeɖe o, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 26:1
30 Referans Kwoze  

Migayi legbawo gbɔ o, eye migakɔ mawuwo na mia ɖokui o. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!


Amesi wɔ aklama kpakpɛ alo kɔ legba, nusi nye ŋunyɔnu na Yehowa, eye wònye adaŋu wɔla ƒe dɔwɔwɔ, eye wòtsɔe ɖo adza me la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!


ekema mianya anyigbadzinɔlawo katã le mia ŋgɔ, eye miagbã woƒe aklama kpakpɛwo katã kple woƒe legbawo katã kpakple woƒe vɔsamlekpuiwo katã.


ekema megade ta agu na woƒe mawuwo alo asubɔ wo o, eye megawɔ nusiwo wowɔna la o; ke boŋ nagblẽ wo, eye nagbã woƒe legbawo.


Migawɔ mawu bubua ɖeke kpe ɖe ŋunye o; migawɔ ɖeke o, eɖanye klosalolegba alo sikalegba o.


Ke avũwo kple afakalawo kple matrewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple trɔ̃subɔlawo kpakple amesiame, si lɔ̃a aʋatsokaka, eye wòkanɛ la, woatsi agbo la godo.


Azã esi míenye Mawu ƒe dzidzime la, medze bena, míasusu be, mawunyenye la ele abe sika alo klosalo alo kpe, si wodze le ame ƒe aɖaŋuwɔwɔ kple tamesusu nu la ene o.


Megake mawu na ɖokuiwò o!


Gbemagbe la amegbetɔ atsɔ eƒe klosalolegba kple eƒe sikalegba, siwo wòwɔ, be yeade ta agu na la, aƒu gbe na alegeliwo kple agutɔwo,


Ŋu nekpe aklama kpakpɛ subɔlawo katã, amesiwo tsɔa legbawo ƒoa adegbee, mawuwo katã mede ta agu nɛ!


Nyee nye Yehowa wò Mawu, si kplɔ wò tso kluvinyenyeƒe me le Egipte-nyigba dzi.


Elabena nye dɔlawo nye Israel-viwo, amesiwo mekplɔ tso Egipte-nyigba dzi. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!


Nyee nye Yehowa, wò Mawu, si kplɔ wò tso kluvinyenyeƒe me le Egipte-nyigba dzi.


Wotsɔ woƒe nuxeƒewo do dziku nɛ, eye woƒe legbawo wotsɔ do adãe.


Aron viŋutsuwo dometɔ, si tsɔ akpedavɔsalã ƒe ʋu kple ami sa vɔe la, tɔ enye ɖusita la.


Dan-viwo li aklama kpakpɛ la, eye Yonatan, amesi nye Mose vi Gersom ƒe vi, kpakple viawo nye nunɔla na Dan-to la, vaseɖe esime woɖe aboyo wo tso anyigba la dzi.


Wozɔ de dukɔ, siwo Yehowa nyã le Israel-viwo ŋgɔ la ƒe ɖoɖowo kple Israel-fiawo ƒe ɖoɖowo nu.


Woli aƒeliwo kple Aserawo ɖe togbɛ kɔkɔwo katã dzi kple ati damawo katã te;


Woɖe asi le Yehowa, woƒe Mawu ƒe sewo katã ŋu, eye wokɔ legbawo, siwo nye nyivi eve, wowɔ Aserawo, eye wode ta agu na dziƒonuwo katã, eye wosubɔ Baal.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite