1 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose le Sinai-to la dzi bena:
1 Yehowa gblɔ na Mose le Sinai to la dzi bena,
Esi woʋu tso Egipte-nyigba dzi ƒe eve megbe la, Yehowa ƒo nu kple Mose le ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi le Mawu ƒe agbadɔ la me, le Sinai-gbedzi bena:
Esi Israel-viwo ʋu tso Egipte-nyigba dzi la ɣleti etɔ̃ megbe, le ŋkeke ma dzi tututu, wova Sinai-gbedzi.
Ƒe ade naƒã nu ɖewo anyigba dzi, eye naƒo wò agblemenuwo nu ƒu.
Mose ƒo nu kple Israel-viwo; tete wokplɔ ɖiŋudola la do goe ɖe asaɖa godo, eye woƒu kpee woku. Eye Israel-viwo wɔ, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.
Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Ne mieva anyigba, si matsɔ na mi dzi la, ekema anyigba la nagbɔ ɖe me na Yehowa.
Eya enye bena, míatsɔ mía nyɔnuviwo na anyigba dzi dukɔwo o, eye míaɖe wo nyɔnuviwo na mia viŋutsuwo o.