Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 24:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Woanye Aron kple viaŋutsuawo to, eye woaɖui le teƒe kɔkɔe la, elabena nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye nɛ tso Yehowa ƒe vɔsa la me; ɖoɖo mavɔ wòanye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Aron kple via ŋutsuwo aɖu abolo la le teƒe tɔxɛ si woɖo na aboloawo ɖuɖu, elabena esiawoe nye dzovɔ si wosa na Yehowa le eƒe se mavɔ la nu. Wonye nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔewo.”

Gade chapit la Kopi




3 Mose 24:9
17 Referans Kwoze  

Eye Mose gblɔ na Aron kple viaŋutsuawo bena: Miɖa lã la le Mawu ƒe agbadɔ la nu, eye miaɖu le afima kple abolo, siwo le ameɖokusi la me, abe alesi wode se nam be, Aron kple viaŋutsuawo naɖui ene.


alesi wòyi ɖe mawuxɔ la me, eye wotsɔ ŋkumeɖobolo, eye woɖu, eye wòna amesiwo kpe ɖe eŋuti hã, si womeɖe mɔ be, woaɖu o, negbe nunɔlawo ɖeɖeko la, kpɔ o mahã?!


Alesi wòyi ɖe mawuxɔ la me, le esime Abyatar enye nunɔlagã, eye woɖu ŋkumeɖobolo, si womeɖe mo le ŋuti nɛ be, woaɖu o, negbe nunɔlawo ko, eye wòna amesiwo kpe ɖe eŋuti la o mahã?


Alesi wòyi ɖe mawuƒe la me, eye woɖu ŋkumeɖobolo, si womeɖe mɔ le eŋuti ne bena, eya kple amesiwo kpe ɖe eŋuti naɖu o, negbe nunɔlawo ko la oa?


Woatɔ dzo nunɔlawo ƒe nuɖuvɔsawo katã bliboe, eye womaɖui o.


Dawid ɖo ŋu na nunɔla la gblɔ nɛ bena: Wotsri nyɔnu na mi etsɔ kple nyitsɔ, hafi medze mɔ, eye ɖekakpuiawo ŋutinuwo ŋuti kɔ, evɔ wonye afɔ vɔ̃ dzi mele hafi; aleke abolo la ŋu makɔ le wo ŋutinuwo me egbea oa?


Ke ekpɔ mɔ aɖu eƒe Mawu ƒe nuɖuɖu kɔkɔe la, kple esi le kɔkɔe ƒo wo katã ta la.


Ke miawo miedo gui hele gbɔgblɔm be; Yehowa ƒe kplɔ̃ ŋu mekɔ o, eye edzi nuɖndu le ŋu nyɔm.


eye na ameha blibo la naƒo ƒu ɖe Mawu ƒe agbadɔ la ƒe ʋɔtru nu.


Eye Israel-nyɔnua ɖe ƒe viŋutsua, amesi nye Egipte-ŋutsua ɖe ƒe yi la, yi Israel-viwo dome; tete Israel-nyɔnu la ƒe viŋutsu kple Israel-ŋutsua ɖe wowɔ dzre le asaɖa la me.


le Mawu ƒe agbadɔ la me, le xɔmetsovɔ, si xe nubablaɖaka ŋku me la ŋgɔ, eye Aron kple viaŋutsuwo nadzrae ɖo, bena wòanɔ bibim le Yehowa ƒe ŋku me tso fiẽ vaseɖe ŋdi. Esia anye ɖoɖo na Israel-viwo kple woƒe dzidzimeviwo tegbee.


Ɖoɖo mavɔ wòanye na miaƒe dzidzimeviwo le mia nɔƒewo katã. Miekpɔ mɔ aɖu lã ƒe ami alo ʋua ɖeke o.


Ke Aron kple viaŋutsu wo naɖu mamlea, nu maʋamaʋã wòanye woaɖu le teƒe kɔkɔe la; Mawu ƒe agbadɔ la ƒe kpɔ me woaɖui le.


Aron viŋutsuwo katã kpɔ mɔ aɖui. Ɖoɖo mavɔ wònye le Yehowa ƒe dzovɔsa la ŋu hena miaƒe dzidzimeviwo. Amesiame, si aka asi eŋu la, azu kɔkɔe.


Eye Mose gblɔ na Aron kple Eleazar kpakple Itamar, viaŋutsu, siwo susɔ ɖi bena: Mitso nuɖuvɔsa, si susɔ tso Yehowa ƒe dzovɔsa me la, eye miaɖui maʋamaʋãe le vɔsamlekpui la gbɔ, elabena nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wonye.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite