Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 24:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 De se na Israel-viwo be, woatsɔ dzomi nyuitɔ vɛ, bena woate ŋu atso akaɖigbɛawo aɖo ati dzi ɖaa.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 “Gblɔ na Israelviwo be woana amiti ƒe ami nyuitɔ wò nàde akaɖiawo me le agbadɔ la me, ale be akaɖiawo nanɔ bibim ɣe sia ɣi.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 24:2
27 Referans Kwoze  

elabena Mawu, si gblɔ be: Kekeli nado tso viviti me la, enye amesi klẽ ɖe míaƒe dziwo me, bene Mawu ƒe ŋutikɔkɔe sidzedze ƒe kekeli naklẽ le Yesu Kristo ƒe ŋku me.


Azɔ Yesu gaƒo nu na wo gblɔ bena: Nyee nye xexeame ƒe kekeli la; amesi ke dzea yonyeme la, mele viviti la me zɔ ge akpɔ o, ke boŋ agbe la ƒe kekeli anɔ esi.


be naʋu woƒe ŋkuwo, bena woatrɔ atso viviti me ava kekeli me, eye tso Satana ƒe ŋusẽ me ava Mawu gbɔ, bena woakpɔ nuvɔ̃wo ƒe keke kple domenyinyi le amesiwo ŋu wokɔ to dzinye xɔxɔse me la dome.


Eyama enye akaɖi, si le bibim, eye wòle keklẽm; ke miawo la miedi be, yewoakpɔ dzidzɔ gaƒoƒo ɖeka le eƒe keklẽ la me.


Kekeli vavã, si klẽna ɖe amesiame me la, li gbɔna ɖe xexea me.


Eya me agbe le, eye agbe la nye amewo ƒe kekeli la.


Mina miaƒe aliwo dzi nanɔ babla, eye miaƒe akaɖiwo nanɔ bibim;


be wòaklẽ na amesiwo bɔbɔ nɔ viviti kple ku ƒe vɔvɔli me, be wòaɖo míaƒe afɔwo ŋutifafa ƒe mɔ dzi.


Nenema ke mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ƒe ŋku me, bena woakpɔ miaƒe nu nyui wɔwɔwo, eye woakafu mia Fofo, si le dziƒo.


dukɔ, si ke nɔ viviti me la, kpɔ kekeli gãa ɖe, eye amesiwo na ku ƒe anyigba dzi kple eƒe vɔvɔli me la, kekeli dze na wo.“


Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ, si nye nunya kple gɔmesese ƒe gbɔgbɔ, adaŋu dede kple ŋusẽ ƒe gbɔgbɔ, sidzedze kple Yehowa vovo ƒe gbɔgbɔ la, anɔ edzi.


Mitrɔ ɖe nufiame kple ɖaseɖiɖi la ŋu! Ne womegblɔ alea o la, ekema agu medze na wo o.


Elabena akaɖie nye se la, kekelie nye nufiame la, eye agbemɔ enye mokaname, siwo fiaa mɔnu ame la.


Ne woʋu go wò nya la, eklẽna, eye wòfiaa nunya amesiwo ŋu wɔna mele o.


Wò nya enye akaɖi na nye afɔ kple kekeli na nye toƒe.


woawoe tɔa dzo numevɔsa na Yehowa ŋdi sia ŋdi kple fiẽ sia fiẽ, wotsɔa atike ʋeʋẽe doa dzudzɔe, wodaa abolo ɖe kplɔ̃; dzadzɛ la dzi, eye wosia sikakaɖitiawo ƒe akaɖigbɛawo fiẽ sia fiẽ, elabena mielé Yehowa, mía Mawu ƒe ɖoɖowo meɖe asi; ke miawo miegblẽe ɖi.


Eyome wotsɔ akaɖiti la da ɖe Mawu ƒe agbadɔ la me, le kplɔ la kasa, le nɔƒe la ƒe dziehekpa dzi,


sikakaɖiti la kple eŋu kaɖigbɛawo, siwo wodo ɖe agbaka nu, eŋu nuwo katã kple akaɖimemi,


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


Eye Aron nadzrae ɖo le Mawu ƒe agbadɔ la me, le xɔmetsovɔ, si xe nubablaɖaka ŋku me la ŋgɔ, bena woano bibim ɖaa tso fiẽ vaseɖe ŋdi le Yehowa ŋku me; ɖoɖo mava wòanye na miaƒe dzidzimeviwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite