Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 24:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Ne amea ɖe wo nu vevi nɔvia la, ekema woawɔ eya hã, abe alesi wòwɔe ke ene;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 To si woahe na ame aɖe si awɔ nuvevi ame aɖe lae nye be woawɔ nuvevi ma tututu eya hã le mɔ ma ke nu:

Gade chapit la Kopi




3 Mose 24:19
9 Referans Kwoze  

Elabena ʋɔnudɔdrɔ̃, si miedrɔ̃ la, eya ke woatso adrɔ̃ ʋɔnu mi; eye dzidzenu, si mietsɔ dzidze la, eya ke woatsɔ adzidze na miawo hã.


Míese wogblɔ bena: Ŋku ɖe ŋku teƒe, eye aɖu ɖe aɖu teƒe;


Megakpɔ eta o, ke boŋ agbe ɖe agbe teƒe, ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe, asi ɖe asi teƒe, afɔ ɖe afɔ teƒe.


Ke ne vɔ̃a ɖe dze eme la, ekema woabia agbe ɖe agbe teƒe,


eye ne amea ɖe ƒo lã woku la, wòaɖo eteƒe, lã ɖe lã teƒe.


nuveviwɔame ɖe nuveviwɔame teƒe, ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe; alesi wòwɔ nu vevi amea ɖee la, nenema ke woawɔ eya hãe.


Tete Adoni-Bezek gblɔ bena: Fia blaadre, siwo wolã asidegblefetsuwo kple afɔdegblefetsuwo na la, faa nu wuwlui le nye kplɔ te ɖuna; alesi mewo la, eya teƒe Mawu ɖo teƒe nam. Eye wokplɔe yi Yerusalem, afisi woku ɖo.


ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe, asi ɖe asi teƒe, afɔ ɖe afɔ teƒe,


dzobi ɖe dzobi teƒe, abi ɖe abi teƒe, dodro ɖe dodro teƒe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite