Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 24:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ne amea ɖe ƒo fi de Yehowa ƒe ŋkɔ la, woawui; ha blibo la naƒu kpee wòaku, eɖanye amedzro alo duamevi o, ele be, woaku, elabena eƒo fi de ŋkɔ kɔkɔe la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 woawu ame sia ame si ado vlo Yehowa ƒe ŋkɔ. Ame sia ame si le ameha la me aƒu kpee. Eɖanye dzɔleaƒea loo alo amedzro, ne edo vlo Ŋkɔ la ko, woawui.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 24:16
19 Referans Kwoze  

Eyakeŋuti mele egblɔm na mi bena: Woatsɔ nuvɔ̃ sia nuvɔ̃ kple busunya sia busunya ake amewo; ke busunya ɖe Gbɔgbɔ la ŋuti la, womatsɔe ake o.


Ɖe menye woawo kee gblɔa busunya ɖe ŋkɔ nyui, si wotsɔ yɔ mi la ŋuti o mahã?


nye amesi nye busunyagblɔla kple yometila kpakple vlodola tsã; ke wokpɔ nublanui nam, elabena mewɔe le numanyamanya me, le dzimaxɔse me.


Eye mese ŋuta le wo ŋu enuenu le ƒuƒoƒeawo katã, eye mezia wo dzi, bena woagblɔ busunya, eye esi meku tsu gɔ̃ hã ɖe wo ŋuti la, metia wo yome yia du bubuwo ke hã me.


nuka susum miele? Eye woɖo ŋu gblɔ bena: Edze ku.


Wo, amesiwo le nu ƒom le ŋuwò ɖe nu vlo wɔwɔ ŋu, eye wole ŋkɔwò yɔm ɖe aʋatsokaka ŋu, wo, amesiwo nye wò futɔwo.


Yehowa, do ŋui be, wòe futɔ la do vloe, eye wò ŋkɔ ŋu dukɔ bometsila la ɖe alɔme le!


Mawu, ɣekaɣi ketɔ la anɔ vlo dom, eye futɔ la anɔ alɔme ɖem le wò ŋkɔ ŋu ɖikaa ase do?


Megayɔ Yehowa, wo Mawu, ƒe ŋkɔ yakayaka o, elabena Yehowa magbe tohehe na amesi yɔa eƒe ŋkɔ dzodzro la o.


Miese eƒe busunya la, nuka susum miele mahã? Ke wo katã wobu fɔe be: Edze ku.


Yudatɔwo ɖo eŋu ne bena: Se le mía si, eye le se la nu la edze bena, woaku; elabena etsɔ eɖokui wɔ Mawuvi.


Eye woƒu kpe Stefano, si le gbe dom ɖa le gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ Yesu, xa nye gbegbe la!


Megamiã asi ɖe wò agblemenu ʋaʋãwo kple wò ami dzi o, eye natsɔ wò ŋgɔgbeviŋutsuwo nam.


Eye Dawid kple dukɔ blibo, si le eŋu la, dze mɔ yi Baal-Yuda, ne woatsɔ Mawu ƒe aɖaka, si ŋu woyɔa Yehowa Zebaot, amesi le Kerubiwo ta me ƒe ŋkɔ ɖo la, atso afima.


Gblɔ na Israel-viwo be: Ne Israel-viwo dometɔa ɖe alo amedzro, si le Israel la, tsɔ via na Molex la, woawui, anyigbadzitɔwo naƒu kpee woaku.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite