Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 23:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 eye le ɣleti sia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi miaɖu abolo maʋamaʋã ƒe ŋkekenyuie na Yehowa; ŋkeke adre sɔŋ miaɖu abolo maʋamaʋã.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 “ ‘Le ɣleti gbãtɔ ma ke ƒe ŋkeke wuiatɔ̃a gbe la, Yehowa ƒe Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui adze egɔme. Hena ŋkeke adre la, miaɖu abolo si me womede amɔʋãtike o.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 23:6
9 Referans Kwoze  

Ŋkeke ade sɔŋ naɖu nu maʋamaʋã, ke ŋkeke adrelia enye takpegbe na Yehowa, wò Mawu la; megawɔ dɔa ɖeke le edzi o.


Ɖo ŋku abolo-maʋamaʋã-ŋkekenyuie la dzi. Ŋkeke adre sɔŋ naɖu abolo maʋamaʋã le nuŋeɣleti ƒe ŋkeke, si woɖo la dzi, abe alesi mede se na wò ene; elabena nuŋeɣleti la dzi nèʋu tso Egipte.


Ŋkeke sia nanye ŋkuɖodzigbe na mi, eye mianɔ eɖum na Yehowa, wòanye ɖoɖo na miaƒe dzidzimeviwo, be miaɖui tegbee.


Ɖo ŋku abolo maʋamaʋã ŋkeke la dzi; ŋkeke adre sɔŋ naɖu abolo maʋamaʋã le nuŋeɣleti ƒe ŋkeke, si woɖo la dzi, abe alesi mede se na wò ene; elabena eya dzi nèʋu tso Egipte. Ke womava ŋkunye me asi gbolo o.


Megatsɔ nu ʋaʋãa ɖeke doe o, ke boŋ naɖu nu maʋama ʋã, si nye funyibolo la, ŋkeke adre sɔŋ, elabena kplakplakpla dzi nele, hafi ʋu tso Egipte-nyigba dzi, ne gbesigbe nèʋu tso Egipte-nyigba dzi la, nano ŋku dzi na wò le wò agbe me ŋkekewo katã me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite