Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 23:42 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

42 Mianɔ agbadɔwo me ŋkeke adre sɔŋ, Israeltɔwo katã nana agbadɔwo me,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

42 Le ŋkeke adre mawo me la, ele be mi ame siwo katã nye Israelvi dzidziawo la, mianɔ agbadɔ siawo me.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 23:42
11 Referans Kwoze  

ke boŋ míele agbadɔwo me, mieɖo to, eye míewɔ nusiwo katã ŋu mía fofo Yonadab de se na mí le la.


Oo, Yakob, wò agbadɔwo dze ani loo! Israel, wò nɔƒewo nyo loo!


Eye Bileam fɔ kɔ dzi, kpɔ alesi Israel ƒu asaɖa anyi tototoe. Tete Mawu ƒe gbɔgbɔ va edzi,


Eye Yakob dze mɔ va Sukot, eye wòtu xɔ ɖe afima, ke ewɔ agbadɔ na eƒe lãhawo; eyata woyɔ afima bena Sukot.


Elabena mienyae bena, ne wogbã miaƒe agbadɔxɔ, si nye anyigbadzitɔ la, xɔtutu, si tso Mawu gbɔ la, anɔ mía si — xɔ, si wometso asi wɔe o, si nɔa anyi tegbetegbe le dziƒo la.


Gblɔ na Israel-viwo be: Tso ɣleti adrelia sia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi miaɖu agbadɔŋkekenyuie ŋkeke adre sɔŋ na Yehowa.


Eye miaɖui wòanye ŋkekenyuie na Yehowa ŋkeke adre sɔŋ le ƒe ɖeka me. Ɖoɖo mavɔ wòanye na miaƒe dzidzimeviwo, ɣleti adrelia me miaɖui.


Eye Efrayim gblɔ be: Mekpɔ ho, eye kesinɔnu su asinye, womekpɔ vodadaa ɖeke le nye dɔwɔwɔwo katã ŋu, si nye nuvɔ̃ o.


Nyee nye Yehowa, wò Mawui, tso Egipte-nyigba dzi ke, magana nanɔ agbadɔ me abe le ŋkekenyuieduɣi ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite