Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 23:34 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 Gblɔ na Israel-viwo be: Tso ɣleti adrelia sia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi miaɖu agbadɔŋkekenyuie ŋkeke adre sɔŋ na Yehowa.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

34 “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi la, Yehowa ƒe Agbadɔmeŋkekenyui la adze egɔme eye woaɖui ŋkeke adre.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 23:34
20 Referans Kwoze  

Ke Yudatɔwo ƒe ŋkekenyuie, si nye agbadɔŋkekenyuie la ɖo.


Eye yvokpɔ woŋlɔ ɖe se, si Yehowa de to Mose dzi la me be, Israel-viwo nana agbadɔ me le ŋkekenyuie la dzi le dzinu adrelia me;


Woɖu agbadɔŋkekenyuie la, abe alesi woŋlɔe ɖi ene, eye wosa numevɔ gbesiagbe ɖe xexlẽme le nu, abe alesi woŋlɔe ɖi, eye woɖo na gbesiagbe ene.


Ɣleti adrelia te ŋkeke wuiatɔ̃lia enye takpegbe kɔkɔe na mi miawɔ asinudɔa ɖeke o, eye miaɖu ŋkekenyuie na Yehowa ŋkeke adre sɔŋ.


Ɖu kwasiɖawo ƒe ŋkekenyuie, si enye lu gbãtɔwo ŋeŋe ƒe ŋkekenyuie la; emegbe naɖu avaɖoɖoŋkekenyuie le ƒe la ƒe nuwuwu.


Eye Nya la trɔ zu ŋutilã, eye wònɔ anyi le mia dome, eye míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe abe Tenuvi, si wodzi tso Fofoa gbã la, ƒe ŋutikɔkɔe ene, eye amenuveve kple nyateƒe yɔe fũ.


Ne èdze nusiwo nèƒã ɖe agble me la ŋeŋe gɔme la, naɖu ŋkekenyuie, eye ne eƒo wò agblemenuwo nu ƒu ɖe ava me le ƒe la ƒe nuwuwu me la, ekema nagaɖu ŋkekenyuie.


Le xɔse me wònye amedzro le ŋugbedodonyigba dzi abe dzronyigba ene, eye eya kple Isak kpakple Yakob, amesiwo nye ŋugbedodo kema ke ƒe hadomenyilawo la, wonɔ agbadɔwo me;


Le xɔse me amesiawo katã woku, eye woƒe asi mesu ŋugbedodo la dzi o, ke wokpɔe, eye wodo ɖoaƒe nɛ le adzɔge, eye woʋu me be, yewonye amedzrowo kple nunɔlawo le anyigba la dzi.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


Mianɔ agbadɔwo me ŋkeke adre sɔŋ, Israeltɔwo katã nana agbadɔwo me,


bena miaƒe dzidzimeviwo nanyae bena, esi mekplɔ Israel-viwo tso Egipte-nyigba dzi la, mena wono agbadɔwo me, nye Yehowa, mia Mawu.


Wò ŋutsuwo katã nava Yehowa, wò Mawu ƒe ŋku mezi etɔ̃ le ƒe ɖeka me le teƒe, si wòatia, le nu maʋamaʋã ŋkekenyuie, kwasiɖawo ƒe ŋkekenyuie kple agbadɔŋkekenyuie la dzi, eye womava Yehowa ŋku me asi gbɔlo o.


Eye Mose de se nawo gblɔ bena: Le ƒe adre sia ƒe adre, ɣeyiɣi, si me wotsɔa fe kena, le agbadɔŋkekenyuie la dzi,


Tete Israel-ŋutsuwo katã kpe ta ɖe fia Salomo gbɔ le ŋkekenyuie la dzi le ɣleti Etanim, si nye ɣleti adrelia dzi.


Eye Salomo kple Israel blibo, si le eŋu la, ɖu ŋkekenyuie la ɣemaɣi; ameha gãa ɖe tso Xamat-nutowo me, vaseɖe Egipte-tɔʋu la gbɔ, va Yehowa, mía Mawu la ŋku me, ŋkeke adre kple ŋkeke adre, ele ŋkeke wuiene.


Eye Yerobeam ɖo ŋkekenyuie anyi ɖe dzinu enyilia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi, abe alesi wo dua ŋkekenyuie le Yuda ene, eye wòsa vɔ le vɔsamlekpui la dzi. Alea wòwɔ le Betel hã, eye wosa vɔ na nyivi, siwo wòwɔ, eye wòɖo amesiwo wòtsɔ ɖo nuxeƒe ƒe nunɔlawoe la, ɖe Betel.


Le dzinu adrelia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi le ŋkekenyuie dzi la woawo alea ke ŋkeke adre sɔŋ, nuvɔ̃vɔsa kple numevɔsa, nuɖuvɔsa kple amiawo nanɔ abe ekemeawo ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite