Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 23:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Mitsɔ wɔ memee efa ƒe mamã ewoliawo eve ƒe abolo ʋaʋã eve atsɔ tso mia nɔƒewo katã vɛ, woanye nu gbãtɔwo na Yehowa, be woanyèe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Nunana sia anye abolo eve tso miaƒe aƒewo me, eye woanye wo le yame le Yehowa ŋkume abe wo tsɔtsɔ nɛ ƒe dzesi ene. Mitsɔ wɔ memee si ʋã la kilogram eve wɔ abolo siawo. Nunana sia nye miaƒe kutsetse gbãtɔwo na Yehowa.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 23:17
22 Referans Kwoze  

Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Ne mieva anyigba, si matso na mi dzi, eye mieŋe nu le edzi la, ekema miatsɔ lubabla gbãtɔwo avae na nunɔla.


Gbesigbe mieŋe nu gbãtɔwo, eye mietsɔ nuɖuɖu yeyewo sa vɔ na Yehowa le miaƒe kwasiɖawo ƒe ŋkekenyuie dzi la, enye takpegbe kɔkɔe na mi, miawɔ asinudɔa ɖeke o.


Ke wòatsɔ abolo ʋaʋã akpe ɖe eƒe kafukafu-kple akpedavɔsalã la ŋu.


Wò agblemenu gbãfa, siwo nèƒã la, natso ava Yehowa, wò Mawu ƒe me. Megaɖa gbɔ̃vi le dada ƒe notsi me o.


Ɖu kwasiɖawo ƒe ŋkekenyuie, si enye lu gbãtɔwo ŋeŋe ƒe ŋkekenyuie la; emegbe naɖu avaɖoɖoŋkekenyuie le ƒe la ƒe nuwuwu.


Tsɔ wò agblemenu gbãtɔ, siwo ʋã la, va Yehowa, wò Mawu la, ƒe me. Megaɖa gbɔ̃vi le dada ƒe notsi me o.


Nenem me siawo nye amesiwo meƒo ɖi wo ɖokui kple nyɔnuwo o; elabena ɖetugbiwo wonye. Amesiawo dzea Alẽvi la yome yia afisiafi, si wòyina. Amesiawo la woƒle wo tso amewo dome, be woanye ŋgɔgbetɔwo na Mawu kple alẽvi la.


Le eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu ta wòtsɔ nyateƒenya la dzi mi, bena míanye eƒe nuwɔwɔwo ƒe ŋgɔgbetɔ.


Ke azɔ la Kristo tsi tre tso ame kukuwo dome, eye wòzu amesiwo dɔ alɔ̃ la dome ŋgɔgbetɔ.


Gake menye eya ɖeɖekoe o, hafi miawo hãe, mi amesiwo xɔ Gbɔgbɔ ƒe ŋgɔgbenu la, miawo hã miele ŋeŋem le mía me hele vinyenye, si nye míaƒe ŋutilã ƒe ɖeɖe la lalam.


Lo bubu wògado na wo bena: Dziƒofiaɖuƒe la ɖi amɔwɔ ʋaʋã, si nyɔnua ɖe tsɔ de amɔwɔ dzidzenu etɔ̃ me, halase esime wòʋã keŋkeŋ.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


Woate ŋu anɔ miaƒe nu gbãtɔwo me, miatsɔ ava na Yehowa; ke womate dzo wo le vɔsamlekpui la dzi abe ʋeʋẽ lilili ene o.


Ne èdze nusiwo nèƒã ɖe agble me la ŋeŋe gɔme la, naɖu ŋkekenyuie, eye ne eƒo wò agblemenuwo nu ƒu ɖe ava me le ƒe la ƒe nuwuwu me la, ekema nagaɖu ŋkekenyuie.


Nenema ke nawɔ wò nyiwo kple alẽwo hãe; ŋkeke adre wòanɔ dada gbɔ, eye le ŋkeke enyilia dzi natsɔe nam.


Eye miatsɔ alẽvi adre, siwo naneke mewo afia ɖeke na o, eye woxɔ ƒe ɖekaɖeka, nyitsuvi ɖeka kple agbo eve asa numevɔe na Yehowa, eye miatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa akpe ɖe wo ŋu awɔ dzovɔsa, si nena lilili ɖe Yehowa.


Woatsɔ mía viŋutsuwo kple míaƒe lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo kpakple míaƒe nyiwo kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeviwo ava mía Mawu ƒe aƒe la me na nunɔla, siwo le subɔsubɔdɔ wɔm le mía Mawu ƒe aƒe la me, abe alesi woŋlɔe ɖe se la me ene.


Metsɔ ami nyuitɔ, wein matsimatsi nyuitɔ kple agblemenu gbãtɔ, siwo woatsɔ vɛ na Yehowa la, na wò.


Woƒe anyigbadzinu gbãtɔwo katã dometɔ, siwo woatsɔ vɛ na Yehowa la, nye tɔwo; amesiame, si ŋu kɔ le aƒewò me la, kpɔ mɔ aɖui.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite