Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 23:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Ne mieva anyigba, si matso na mi dzi, eye mieŋe nu le edzi la, ekema miatsɔ lubabla gbãtɔwo avae na nunɔla.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mieɖo anyigba si mele mia na ge dzi, eye miexa nukuwo la, mitsɔ lu babla gbãtɔ vɛ na nunɔla la.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 23:10
22 Referans Kwoze  

Wò agblemenu gbãfa, siwo nèƒã la, natso ava Yehowa, wò Mawu ƒe me. Megaɖa gbɔ̃vi le dada ƒe notsi me o.


Tsɔ wò agblemenu gbãtɔ, siwo ʋã la, va Yehowa, wò Mawu la, ƒe me. Megaɖa gbɔ̃vi le dada ƒe notsi me o.


Nenem me siawo nye amesiwo meƒo ɖi wo ɖokui kple nyɔnuwo o; elabena ɖetugbiwo wonye. Amesiawo dzea Alẽvi la yome yia afisiafi, si wòyina. Amesiawo la woƒle wo tso amewo dome, be woanye ŋgɔgbetɔwo na Mawu kple alẽvi la.


Le eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu ta wòtsɔ nyateƒenya la dzi mi, bena míanye eƒe nuwɔwɔwo ƒe ŋgɔgbetɔ.


Xlẽ kwasiɖa adre; ne wode asi nukuwo xaxa me la, nadze wo xexlẽ gome


Gbesigbe mieŋe nu gbãtɔwo, eye mietsɔ nuɖuɖu yeyewo sa vɔ na Yehowa le miaƒe kwasiɖawo ƒe ŋkekenyuie dzi la, enye takpegbe kɔkɔe na mi, miawɔ asinudɔa ɖeke o.


Miaƒe agblemenu gbãtɔwo katã ƒe nyuitɔwo kple miaƒe adzɔwo katã ƒe adzɔ enye nunɔlawo to, mitso miaƒe amɔwɔ ŋgɔgbeawo na nunɔlawo, ne yayra nanɔ aƒewò me.


Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Ne miava anyigba, si matsɔ na mi mianɔ edzi la dzi,


Mitsɔ wɔ memee efa ƒe mamã ewoliawo eve ƒe abolo ʋaʋã eve atsɔ tso mia nɔƒewo katã vɛ, woanye nu gbãtɔwo na Yehowa, be woanyèe.


Ɖu kwasiɖawo ƒe ŋkekenyuie, si enye lu gbãtɔwo ŋeŋe ƒe ŋkekenyuie la; emegbe naɖu avaɖoɖoŋkekenyuie le ƒe la ƒe nuwuwu.


Ne èdze nusiwo nèƒã ɖe agble me la ŋeŋe gɔme la, naɖu ŋkekenyuie, eye ne eƒo wò agblemenuwo nu ƒu ɖe ava me le ƒe la ƒe nuwuwu me la, ekema nagaɖu ŋkekenyuie.


Nenema ke nawɔ wò nyiwo kple alẽwo hãe; ŋkeke adre wòanɔ dada gbɔ, eye le ŋkeke enyilia dzi natsɔe nam.


Ke ne abolowo ƒe gbãtɔ la le kɔkɔe la, amɔwɔ blibo la hãe, eye ne ke la le kɔkɔe la, alɔwo hãe.


Esi aɖakatsɔlawo va Yordan nu, eye nunɔla, siwo tsɔ aɖaka la, ƒe afɔwo ka tsia me la, ke Yordan ɖɔ gbagba go le nuŋeɣi blibo la katã me —


Ne miava Kanaan-nyigba, si matsɔ na mi wòanye mia tɔ la dzi, eye mana anyi nado ɖe xɔa ɖe ŋu le anyigba, si nye mia tɔ dzi la,


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


Eye wòanyè lubablawo le Yehowa ŋku me, bena miaƒe nu nadze eŋu; nunɔla nanyè wo le ŋkeke, si dze dzudzɔgbe yome la dzi.


Ale Naomi gbɔ va aƒe, eye lɔ̃xoa Rut, Moab-nyɔnu la, kpe ɖe eŋu tso Moab-nyigba dzi; eye wova Betlexem, esime wodze nuŋeŋe gɔme.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite