Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 23:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena: Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Yehowa ƒe ŋkekenyuie, siwo miayɔ be takpegbe kɔkɔe la, wonye si:

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Yehowa gblɔ na Mose be,

Gade chapit la Kopi




3 Mose 23:1
13 Referans Kwoze  

eye mekplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi, bena manye miaƒe Mawu, nye Yehowa.


eye mieɖe adzɔgbe alo na nu le mia ɖokui si alo le ŋkekenyuie ɖum hehe, yewoatsɔ nyi alo alé asa dzovɔ na Yehowa, eɖanye numevɔ alo akpedavɔ o, bena wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa la,


Amegã la si me numevɔsa, nuɖuvɔsa kple nunovɔsa le ŋkekenyuiewo dzi, le dzinu yeyewo kple dzudzɔgbewo dzi, kpakple le Israel ƒe takpegbewo katã nanɔ, eya ana woasa nuvɔ̃vɔ, nuɖuvɔ, numevɔ kple akpedavɔ, ne woalé avu na Israel ƒe aƒe la.


Eye Mose gblɔ Yehowa ƒe ŋkekenyuieawo na Israel-viwo.


Woava tasɔsɔe, ne wole numevɔwo katã sa ge le dzudzɔgbe, dzinu yeye kple ŋkekenyuiewo dzi le woƒe ɖoɖo la nu le Yehowa ŋku me tegbee;


Xɔ, si mebe, matu la, lolo, elabena mia Mawu la lolo wu mawuwo katã.


eye wosa vɔ le ŋkeke sia ŋkeke ƒe kɔa nu, le dzudzɔgbewo, dzinu yeyewo kple ŋkekenyuiewo dzi, zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me, le abolo maʋamaʋã ŋkekenyuiewo, le kwasiɖawo ŋkekenyuiewo kple agbadɔŋkekenyuiewo dzi le Mose ƒe se la nu.


Migasa nuɖuvɔ alakpatɔ azɔ o, dzudzɔdonu nyɔŋu wònye nam. Dzinu yeyewo, dzudzɔgbewo kple gbeƒẽɖeɖe takpegbewo la, nyemate ŋu ado dzi atsɔ alakpa kple takpekpewo o!


Woabɔbɔ nɔ anyi ɖe dzrenyawo ŋu, eye woadrɔ̃ ʋɔnu ɖe nye ɖoɖowo nu; woalé ŋku ɖe nye sewo, nye ɖoɖowo kple nye ŋkekenyuiewo katã ŋu, eye woakɔ nye dzudzɔgbe la ŋuti.


Le ŋkekenyuiewo dzi kple ŋkekenyuiewo ƒe takpegbewo la nuɖuvɔsa efa ɖeka nakpe ɖe nyitsu ɖeka ŋu eye efa ɖeka nakpe ɖe agbo ɖeka ŋu, ke wòakpe alesi nu woate ŋu la, ɖe alẽviawo ŋu, eye ami hin ɖeka nanɔ efa ɖeka ŋu.


Mieléa ŋku ɖe ŋkekewo kple dzinuwo kple azãgbewo kpakple ƒewo ŋuti.


Eyata migana amea ɖeke nadrɔ̃ ʋɔnu mi le nuɖuɖu alo nunono ŋuti alo le ŋkekenyuie alo ɣletidzedzi alo Sabat la gome o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite