Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 22:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ne Aron viwo dometɔa ɖe dze anyi alo le atu ɖɔm la, mekpɔ mɔ aɖu nunana kɔkɔe la ɖeke o, vaseɖe esime eŋu nakɔ hafi. Ne amea ɖe ka asi amesi gblẽ kɔ ɖo ɖe ame kuku ŋu, alo amesi nyẽ tsi ŋuti,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 “ ‘Ne Aron viwo dometɔ aɖe nye kpodɔléla alo dze abi si le tsi tsyɔm la, mekpɔ mɔ aɖu vɔsanu kɔkɔewo o va se ɖe esime eƒe lãme nasẽ. Ne nunɔla aɖe ka asi ame kuku aɖe ŋu alo ŋutsu si nye tsi, eye eŋu mekɔ o ŋu,

Gade chapit la Kopi




3 Mose 22:4
18 Referans Kwoze  

Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na Aron viŋutsu, siwo nye nunɔlawo la bena: Nunɔlaa ɖeke megagblẽ kɔ ɖo na eɖokui ɖe ame kuku ŋu le eƒe dukɔ la dome o;


Ne lã, siwo mieɖuna la, dometɔa ɖe ku, eye amea ɖe de asi kukua ŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Metsɔ adzɔ, siwo katã woɖena le Israel-viwo ƒe nunana kɔkɔe, siwo wona Yehowa, ŋu la na mia kple viwòŋutsuwo kple viwònyɔnuwo; ɖoɖo mavɔ wòanye. Dzenubabla wònye le Yehowa ŋku me tegbee na mia kple wò dzidzimeviwo.


Woƒe nunana kɔkɔetɔ, siwo anye tɔwò la, wonye, woƒe nuɖuvɔsawo katã, nuvɔ̃vɔsawo katã kple fɔɖivɔsawo katã, siwo wonam la dometɔ, siwo womatɔ dzoe o, nu kɔkɔe woanye na mia kple viwòŋutsuwo.


Ke ekpɔ mɔ aɖu eƒe Mawu ƒe nuɖuɖu kɔkɔe la, kple esi le kɔkɔe ƒo wo katã ta la.


Ke nuɖuvɔsa mamlea nye Aron kple viaŋutsuwo tɔ, nu kɔkɔewo fe nu kɔkɔe wònye tso Yehowa ƒe dzovɔsa la me.


Ke nuɖuvɔsa mamlea nye Aron kple viaŋutsuwo tɔ, nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye tso Yehowa ƒe dzovɔsa la me.


Eye wòanyã avɔ sia avɔ kple lãgbalẽ sia lãgbalẽ, si dzi wònyẽ tsi la ɖo, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Eye Xagai gblɔ bena: Ne amea ɖe gblẽ kɔ ɖo na eɖokui ɖe ame kuku ŋu, eye wòka, asi nusiawo katã ŋu la, ɖe woawo hã azu nu makɔmakɔa? Nunɔlawo ɖo ŋu gblɔ bena: Woazu nu makɔmakɔ.


Ke ne amea ɖe ŋu mekɔ o, eye womeɖe nuvɔ̃ le eŋu o la, ekema woatsrɔ̃e ɖa le ha la dome, elabena edo ŋunye Yehowa ƒe kɔkɔeƒe la; womewu ameŋukɔtsi ɖe eŋu o, eyata eŋu mekɔ o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite