Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 22:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Nenye ɖokuiwò si nèbe, yeana nu le la, ekema èkpɔ mɔ ana nyi alo alẽ, si ŋutinua ɖe didi gbɔ me alo to ɖe me; ke nenye adzɔgbee neɖe la, womaxɔe o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Ne nane de gbɔ edzi alo nane mede tututu o le nyitsu alo alẽ si wotsɔ vɛ ƒe ŋutilã ŋu la, woate ŋu anae abe lɔlɔ̃nununana ene, ke menye hena adzɔgbeɖefexexe o.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 22:23
7 Referans Kwoze  

Nuwɔametɔa ɖeke megate va o, eɖanye ŋkuagbãtɔ alo xɔdrɔ̃ o, eɖanye ŋɔtiagbãtɔ alo amesi ƒe ŋutinua ɖe le blaya o,


Eye Israel-viwo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, amesiwo lɔ kple dzi faa la, tsɔ nunanawo vɛ na Yehowa, bena woatsɔ awɔ dɔ, si Yehowa de se na Mose, be wòawɔ la.


Migatsɔ lã, si ƒe ŋku gbã alo eƒe ata ŋe, exɔ abi alo nuƒoƒo le eŋu, edze haƒla alo eŋu ƒlɔ la, sa vo na Yehowa o, eye migatsɔe sa dzovɔ na Yehowa le vɔsamlekpui la dzi o.


Ke miekpɔ mɔ atsɔ lã, si nèto voku na, woha vo le egɔme, alo wotae la, asa vo na Yehowa o. Miekpɔ mɔ awɔ esia tɔgbe le miaƒe anyigba dzi o.


Ke ne nu wòe, eƒe afia ɖe ŋe, eƒe ŋku gbã, alo nu manyatanua ɖe wòe la, ekema megatsɔe sa vo na Yehowa, wò Mawu la o.


Megatsɔ nyitsu alo alé, si nane wɔe alo vloƒea ɖe le eŋu la, sa vɔ na Yehowa, wò Mawu la o, elabena ŋunyɔnu wònye na Yehowa, wò Mawu la.


Ne mietsɔ: lã ŋkuagbã va sa vɔe la, miegblɔna be, medze vɔ̃ o; eye ne mietsɔ lã ɖixɔdrɔ̃wo kple lã lédɔwo vɛ la, miegblɔna be, medze vɔ̃ o. Tsɔe yi na wò anyigbanunɔla kpɔ be, wò nu adze eŋu, eye wòalɔ wò nya hã? Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite